Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 13:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 tete mebu be, Filistitɔwo le gbɔnye va ge le Gilgal, evɔ nyemekpɔ ƒo koko na Yehowa haɖe o; eyata mezi ɖokuinye dzi hesa numevɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Eya ta mesusui be azɔ la, Filistitɔwo ava dze dzinye le Gilgal evɔ nyemebia amenuveve tso Yehowa gbɔ o! Esia zi dzinye eye mewɔ numevɔsa la.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 13:12
9 Mawu Ofanana  

Migblɔ na Mawu be: Ŋɔdzi le wò dɔwɔwɔ ŋu loo! Le wò ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ ta wò futɔwo avivi nu me na wò.


mi amesiwo le gbɔgblɔm be: Gbekagbe gɔ̃ dzinu yeye nu le yiyi ge, ne míadzra bli, eye dzudzɔgbe nu le yiyi ge, ne míaʋu avawo nu ahakpa nudotree sue, míadzi asi ɖe edzi, eye míaŋe nudanu ɖe eme aha amee;


Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzo la, eyae Mawu lɔ̃na.


Ke Samuel gblɔ bena: Nuka nèwɔ? Saul ɖo ŋu bena: Esi mekpɔ be, dukɔ la kaka le ŋunye, wò hã mèva le ɣeyiɣi la dzi o, eye Filistitɔwo va kpe ta ɖe Mixmas la,


Samuel gblɔ na Saul bena: Ewo bometsinu! Ɖe wònye ɖe nèlé Yehowa, wò Mawu ƒe se, si wòde na wò me ɖe asi la, anye ne Yehowa ana wò fiaɖuɖu nali ke ɖe Israel tegbee.


Eye Samuel fɔ ŋdi kanya, be yeayi aɖakpe Saul. Eye wogblɔ na Samuel bena: Saul va Karmel, eye wòli ŋkuɖodzinu ɖe afima, emegbe wòtrɔ yi Gilgal.


Tete Samuel gblɔ bena: A, numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami


Eye nunɔla la tsɔ nu kɔkɔe la nɛ, elabena aboloa ɖeke meli o, negbe ŋkumeɖobolo, si woɖe ɖa le Yehowa ŋku me, be woatsɔ abolo dzodzoe ada di le gbesigbe woɖee ɖa la koe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa