Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 12:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nyee nye si, miɖi ɖase le ŋunye le Yehowa kple eƒe amesiamina la ŋku me! Ameka ƒe nyitsu mexɔ, eye ameka ƒe tedzi mexɔ? Ameka ŋu mese ŋuta le, ameka mete ɖe anyi, eye ameka si mexɔ zãnu le hemiã ŋku ɖe edzi? Ne maɖo teƒe na mi!?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Fifia, esi metsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ƒe ŋkume la, medi be mabia mi be ame ka ƒe nyitsu alo tedzi mefi kpɔ? Meba ame aɖe kpɔa? Mexɔ zãnu le ame aɖe si kpɔa? Mete ame aɖe ɖe anyi kpɔa? Migblɔe nam eye maɖo nu si mexɔ alo nu vɔ̃ si mewɔ la teƒe.”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 12:3
29 Mawu Ofanana  

Elabena melé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu, eye nyemewɔ nu vloa ɖeke ɖe nye Mawu ŋu o.


Migbugbɔ woƒe agblewo, weingblewo kple amitigblewo kple woƒe xɔwo kpakple ga kple bli, wein kple ami ƒe alafaliawo ɖeka, siwo mieɖo na wo la, na wo egbea!


amesi menaa eƒe ga ɖe deme dzi o, eye mexɔa zãnu ɖe ame maɖifɔ ŋu o. Amesi wɔa nusiawo la, ke maɖe le ete gbeɖegbeɖe o.


Megabiã ŋu ɖe hawòvi ƒe aƒe dzi o. Megabiã ŋu ɖe hawòvi srɔ̃, eƒe dɔlaŋutsu alo eƒe dɔlanyɔnu, eƒe nyi alo eƒe tedzi, alo nusianu, si nye hawòvi to la ƒe ɖeke dzi o.


Ne amea ɖe kplɔ lãwo yi eƒe boƒo alo weingble me, eye wòɖe asi le wo nu woɖagblẽ ame bubu ƒe agble la ekema wòatsɔ eƒe agblemenuwo aɖo nusi wogblẽ la teƒe; ke nenye agble blibo la wogblẽ la, ekema wòatsɔ eƒe boƒonu nyuitɔ alo weingblemenu nyuitɔ aɖo eteƒe.


Megaxɔ zãnu o, elabena zãnunana gbãa ŋku na nukpɔlawo, eye wòtrɔa ame dzɔdzɔe ƒe nya bua anyi.


Amesi le zãnuxɔxɔ yome dim la, eƒe aƒe agblẽ; ke amesi lé fu adzɔxɔxɔ la, anɔ agbe.


Eyome wòaɖe eƒe awuawo ɖi, ado awu bubuwo, eye wòatsɔ afi la aƒu gbe ɖe asaɖa godo le teƒe kɔkɔea ɖe.


Dzo la nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi ɖaa, eye womatsii o; ŋdi sia ŋdi nunɔla nade nake dzo la me, eye wòatsɔ numevɔsalã aɖo edzi, eye woatɔ dzo akpedavɔsa ƒe amiwo le edzi.


Tete dɔme ve Mose ŋutɔ, eye wògblɔ na Yehowa bena: Megatrɔ ɖe woƒe vɔsa la ŋu o! Nyemexɔ tedzi ɖeka hã le wo si o, eye nyemewɔ vɔ ɖe wo dometɔa ɖeke ŋu hã o.


Wodo ŋu nɛ bena: Kaisaro tɔe. Tete wògblɔ na wo bena: Ekema mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.


Eye Zaxeo tsi tre gblɔ na Aƒetɔ la bena: Kpɔ ɖa, Aƒetɔ, metsɔ nye nuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne medzɔ nu le amea ɖe si dzro la, meɖoa eteƒe ne zi ene.


Nyemedi amea ɖeke ƒe klosalo alo sika alo awu o.


Mikpɔ ɖa, esiae nye zi etɔ̃lia medzra ɖokuinye ɖo bena, mava mia gbɔ, eye nyemanye agba na mi o; elabena nyemele miaƒe nuwo dim o, ke mia ŋutɔwo dim mele boŋ. Elabena medze bena, viwo natu nuwo ɖo na wo dzilawo o, hafi dzilawo natu nuwo ɖo na viwo boŋ.


Megate nya dzɔdzɔe ɖe to o, megakpɔ amea ɖeke ŋku me o, eye megaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wogbã ŋku na nunyalawo, eye wòtrɔa gbo ame dzɔdzɔewo ƒe nya.


Miawoe nye ɖaseɖilawo kple Mawu hã, alesi mieno anyi kɔkɔe kple dzɔdzɔe kple mokaka manɔŋui le mi amesiwo xɔe se la gbɔ,


Elabena womekpɔ mi ɣeaɖekeɣi míele numevivinyawo gblɔm, eye míele alakpa hã dam le ŋukeklẽ ta kpɔ o, abe alesi mienyae ene. Mawue nye ɖaseɖila!


Minyi Mawu ƒe alẽha, si le mia dome, eye mikpɔ edzi; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu nu; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa;


Tete Samuel tsɔ amigoe la kɔ ɖe la me ne, eye wòɖuɖɔ nu nɛ gblɔ bena: Ɖe Yehowa mesi ami na wò be, naɖu fia ɖe eƒe domenyinu dzi oa?


Woɖo ŋu bena: Mèsẽ ŋuta le amea ɖeke ŋu o, mate amea ɖeke ɖe anyi o, eye mèxɔa naneke le amea ɖeke si o.


Eye wògblɔ na wo bena: Yehowa kple eƒe amesiamina la wonye ɖasefo na mi egbe sia be, miekpɔ miaƒe naneke le asinye o. Woɖo ŋu bena: Eya nye ɖasefo!


Eye maɖo nunɔla nuteƒetɔ na ɖokuinye, amesi awɔ nu ɖe nye dzi dzi, eye wòawɔ nusi adze ŋunye; mana eƒe aƒe nali ke, eye wòadze nye amesiamina la ŋgɔ ɖaa


Kpɔ ɖa, wò ŋkuwo kpɔe egbe sia be, Yehowa tsɔ wò ɖe asi nam egbea le agado la me; eye wogblɔ be, mawu wò, ke meve nuwò, eye megblɔ bena: Nyemaɖe asi nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.


Ke esi Dawid wòe vɔ la, eƒe dzi lã kpò, le esi wòlã Saul ƒe awu ʋlaya nu la ta.


Eye wògblɔ na eƒe amewo bena: Neɖe megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, mawo nusia ɖe nye aƒetɔ, si nye Yehowa ƒe amesiamina la ŋu ahade asi eŋu, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.


Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, made nye asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu! Eyata tsɔ akplɔ, si le eƒe tade, kple tsize la, ne miadzo!


Ke Dawid gblɔ na Abisai bena: Megawui o: elabena ameka ade eƒe asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu, eye woagbe tohehe nɛa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa