Ke ne èŋlɔ Yehowa, wò Mawu la be, eye nèdze mawu bubuwo yome hesubɔ wo, eye nède ta agu na wo la, ekema meka ɖe dzi na mi egbea be, miatsrɔ̃ avɔ kokoko;
Ne mietu Yehowa, mia Mawu la ƒe nu, si wòbia kpli mi, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la, ekema Yehowa ado dɔmedzoe ɖe mia ŋu, eye miatsrɔ̃ avɔ xoxoxo le anyigba nyui, si wòna mi la dzi.