Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 12:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye Samuel gblɔ na dukɔ la bena: Migavɔ̃ o! Mienyã wɔ nu vlo siawo katã hafi, gake ɖeko migate ɖa le Yehowa ŋu o, eye misubɔ Yehowa tso miaƒe dzi blibo me!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Samuel de dzi ƒo na wo be, “Migavɔ̃ o, eme kɔ ƒãa be miewɔ nu vɔ̃, gake mikpɔ egbɔ azɔ be miasubɔ Yehowa nyateƒetɔe eye miagatrɔ le eyome le mɔ aɖeke nu o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 12:20
15 Mawu Ofanana  

Eye wò, vinye Salomo, dze si fofowò ƒe Mawu la, eye nasubɔe kple dzi blibo kpakple luʋɔ blibo, elabena Yehowa dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wonya tamesusuwo katã! Ne èdii la, ana be, nakpɔe; ke ne ègblẽe ɖi la, atsɔ wò aƒu gbe tegbee.


Nyemetsɔ nu tovo aɖo ŋku me o, melé fu dzidanuwɔwɔ, malé ɖe ŋunye o.


Ke amesiwo dze yi woƒe mɔ gɔglɔ̃wo dzi la, Yehowa akplɔ wo akpe ɖe nu vlo wɔlawo ŋu ayii. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi!


ede ha yeye nunye kple kafukafuha na mía Mawu la. Ame geɖewo akpɔe, eye vɔvɔ̃ aɖo wo, eye woaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu.


Ne miesubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la, ekema ayra ɖe wò nuɖuɖu kple wò nunono dzi, eye maxe mɔ na dɔléle, be mava mia dome o.


Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miewɔ nuvɔ̃ gã ŋutɔ, eyata malia to la ayi Yehowa gbɔ, ɖewo mate ŋu alé avu ɖe miaƒe nuvɔ̃wo ta mahĩ.


Eye wògblɔ nam bena: Ne ŋutsua ɖe gbe srɔ̃a, eye wòyi ɖaɖe ŋutsu bubu la, ɖe wòagagbugbɔ ayi nyɔnu la gbɔa? Ɖe magblẽ kɔ ɖo na anyigba ma oa? Yehowa be: Ke wò la èwɔ amatre kple ahasitɔwo tso, hafi nèbe, yeatrɔ ɖe ŋunyea?


abe alesi meɖo gbe ɖi kpli mi, esime mieʋu tso Egipte la ene; eye nye gbɔgbɔ anɔ mia dome. Migavɔ̃ o!


Eyata Israel, Yehowa, wò Mawu la, mele naneke dim tso asiwò o, negbe esia ko be, nava Yehowa, wò Mawu la, eye nazɔ eƒe mɔwo katã dzi, nalɔ̃e, eye nasubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me;


Mikpɔ nyuie, ne miagana miaƒe dzi naɖu mi, eye miatrɔ asubɔ mawu bubuwo, eye miade ta agu na wo o;


Elabena menyae bena, miele gbegblẽ ge ɖe dzi le nye ku megbe, eye miate ɖa le mɔ, si metia mi la dzi, eye dzɔgbevɔ̃e ava mia dzi emegbe, le esi miewɔ vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye mietsɔ miaƒe asiwo wɔ nu hedo dziku nɛ ta.


Eyata milé dzi ɖe ƒo vevie, ne mialé nusiwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me la me ɖe asi, eye miawɔ wo dzi, eye migadze ɖe ɖusi alo mia me o.


esi dzitsinya nyui le mia si, bene nusi me wogbɔ nya vɔ̃ de mia ŋuti le abe vɔ̃wɔlawo ene la, woado ŋukpe amesiwo do vlo miaƒe agbenɔnɔ nyui, si le Kristo me la.


Eye dukɔ blibo la gblɔ na Samuel bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe wò dɔlawo ta, ne míagaku o! Elabena miewɔ nu vlo hetsɔ ƒu míaƒe nuvowo katã dzi be, miebia fia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa