Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 12:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Samuel yɔ Yehowa, tete Yehowa na dzi ɖe gbe, eye tsi dza gbemagbe. Eye dukɔ blibo la vɔ Yehowa kple Samuel ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Ale Samuel yɔ Yehowa eye wòɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa gbe ma gbe. Ameawo vɔ̃ Yehowa kple Samuel ŋutɔŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 12:18
10 Mawu Ofanana  

Tete Axab yi, be yeaɖu, eye yeano nu. Ke Eliya yi Karmel-to la ta me, eye wonɔ klotinu ɖe anyigba hetsɔ mo de ata me.


Tete Yuda-ŋutsuwo kple Benyamin-ŋutsuwo va kpe ta ɖe Yerusalem le ŋkeke etɔ̃ megbe le dzinu asiekelia ƒe ŋkeke blavelia dzi, eye dukɔ blibo la haha nɔ anyi ɖe dogba dzi le Mawu ƒe xɔ la ŋgɔ, eye wole dzodzom nyanyanya le nya la kple tsidzadza ta.


Enana wòvana, ne wòatsɔe ahe to na anyigba dzi nɔlawo loo, alo ne wòawɔ dɔmenyo na woe.


Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome eye Samuel le amesiwo yɔa eƒe ŋkɔ la dome. Woyɔ Yehowa, eye wòɖo to wo.


Eye Israel kpɔ ŋusẽ gã, si Yehowa ɖe fia ɖe Egiptetɔwo ŋuti la. Eye dukɔ la vɔ Yehowa, eye wòxɔ Yehowa kple eƒe dɔla Mose dzi se.


Eye Yosua ƒo nu kple Yehowa le Israel-viwo ŋku me, le gbesigbe Yehowa tsɔ Amoritɔwo de asi la, eye wògblɔ le Israel ŋku me bena: Ye, tɔ ɖe Gibeon, eye ɣleti, tsi Ayalon-ʋe la me!


Gbemagbe Yehowa do kɔkɔ Yosua le Israel blibo la ŋku me, eye wovɔ̃e le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, abe alesi wovɔ̃ Mose ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa