Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 12:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Alo menye fifi enye luŋeɣi oa? Ke mele Yehowa yɔ ge, eye wòana dzi naɖe gbe, eye tsi nadza, ne miadze sii, eye míakpɔe bena, miaƒe nu vlo, si miewɔ le Yehowa ŋku me hebia fia la, tri akɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Mienya be tsi medzana le ƒea ƒe ɣeyiɣi sia me, le luxaɣi o gake mado gbe ɖa na Yehowa be wòaɖo dziɖegbe kple tsidzadza ɖa egbe ale be miadze si miaƒe vɔɖivɔ̃ɖi ƒe todede le ale si miebia be woaɖo fia na yewo la ta!”

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 12:17
13 Mawu Ofanana  

Mose kple Aron le eƒe nunɔlawo dome eye Samuel le amesiwo yɔa eƒe ŋkɔ la dome. Woyɔ Yehowa, eye wòɖo to wo.


Esi ŋu ke la, Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miewɔ nuvɔ̃ gã ŋutɔ, eyata malia to la ayi Yehowa gbɔ, ɖewo mate ŋu alé avu ɖe miaƒe nuvɔ̃wo ta mahĩ.


Bubu medze bometsila o, abe sno le dzomeŋɔli kple tsidzadza le nuŋeɣi ene.


Tete Yehowa gblɔ nam bena: Ne Mose kple Samuel wotsi tre ɖe ŋkunye me hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋu o. Nyã wo ɖa le ŋkunye me, ne woadzo.


Eye Yosua ƒo nu kple Yehowa le Israel-viwo ŋku me, le gbesigbe Yehowa tsɔ Amoritɔwo de asi la, eye wògblɔ le Israel ŋku me bena: Ye, tɔ ɖe Gibeon, eye ɣleti, tsi Ayalon-ʋe la me!


Azɔ miaƒe fia, si mietia, eye miebia la, enye si! Kpɔ ɖa. Yehowa ɖo haɖe mia nu.


Eye dukɔ blibo la gblɔ na Samuel bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, ɖe wò dɔlawo ta, ne míagaku o! Elabena miewɔ nu vlo hetsɔ ƒu míaƒe nuvowo katã dzi be, miebia fia.


Yehowa atsrɔ̃ eƒe futɔwo, eye wòaɖe gbe ɖe wo dzi tso dziƒo; Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu anyigba ƒe mlɔenuwo. Ana ŋusẽ eƒe fia, eye wòana eƒe amesiamina la ƒe dzo nado lɔƒuu!


Eye Samuel gblɔ bena: Miƒo Israel blibo la nu ƒu va Mizpa, ne maɖe kuku na Yehowa ɖe mia ta!


Ke nya la medze Samuel ŋu o, esi wogblɔ be: Ɖo fia na mi, ne woadrɔ̃ ʋɔnu na mi! Eye Samuel ɖo gbe ɖa na Yehowa.


Eye Yehowa gblɔ na Samuel bena: Ɖo to dukɔ la ƒe gbe le nusianu, si woagblɔ na wo la me, elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be, nyemagaɖu fia ɖe yewo dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa