Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 12:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Ke esi miekpɔ be, Amon-viwo ƒe fia Nabas ho ɖe nua ŋu la, miegblɔ nam bena: Ɖabi, fia boŋ neɖu mia dzi! Evɔ wònye Yehowae nye mia Mawu kple miaƒe fia hafi

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 “Ke esi mienɔ vɔvɔ̃m na Nahas, Amonitɔwo ƒe fia ta la, mieva gblɔ nam be maɖo fia na yewo wòaɖu yewo dzi, le esime Yehowa, mia Mawu la nye miaƒe Fia xoxo elabena eyae nye miaƒe Fia ɣeawo katã ɣi.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 12:12
15 Mawu Ofanana  

Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.


Ke Mawue nye fianye tso blema ke, amesi wɔ xɔnamedɔwo le anyigba dzi.


Elabena Yehowa enye míaƒe ʋɔnudrɔ̃la, Yehowa enye míaƒe aʋafia, Yehowa enye míaƒe fia, eya aɖe mí.


Eye Yudatɔ, siwo katã le Moab kple Amonitɔwo dome kple Edom kpakple anyigba katã dzi la hã se be, Babel-fia susɔ amewo ɖe Yuda, eye wotsɔ Gedalya, Safan vi Axikam ƒe vi, ɖo wo nu.


Afika wò fia le azɔ, ne wòaxɔ na wò le wò duwo katã me, eye afika wò ʋɔnudrɔ̃lawo le, amesiwo ŋu nègblɔ le be: „Na fia kple amegãwom?“


Womekpɔ dzɔgbevɔ̃e le Yakob ŋu o, eye womekpɔ fuwɔamea ɖeke le Israel ŋu o. Yehowa, eƒe Mawu la, li kplii, eye ayibopɛ le ɖiɖim le wo dome.


Gideon ɖo ŋu na wo bena: Nye ŋutɔ alo vinyeŋutsu míaɖu fia ɖe mia dzi o, ke boŋ Yehowa neɖu fía ɖe mia dzi!


hafi miawo miedze aglã ɖe fofonye ƒe aƒe ŋu egbea, eye miewu via blaadreawo ɖe kpe ɖeka dzi hetsɔ eƒe ahiã ƒe vi Abimelex ɖo fia ɖe Sixemtɔwo nu, le esi wònye mia nɔvi ta.


Ke miawo miegbe Mawu, si ɖe nu tso miaƒe dzɔgbevɔ̃ewo kple hiãwo katã me, eye miegblɔ nɛ bena: Ɖo fia ɖe mia nu! Azɔ miɖo le Yehowa ŋku me ɖe miaƒe towo kple ame akpeakpeawo nu!


Ke viaŋutsuwo meto eƒe ʋe me o, eye wodi viɖe yome, woxɔ zãnu, eye wòtrɔ gbɔ ʋɔnudɔdrɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa