Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 12:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete Yehowa ɖɔ Yerub-Baal, Bedan, Yefta kple Samuel ɖa, eye woɖe mi tso miaƒe futɔ, siwo li godoo va kpe la si me, eye miele ablɔɖenyi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Yehowa ɖo Yerubaal, Barak, Yefta kple Samuel ɖa eye wòɖe mi tso miaƒe futɔwo ƒe asime eye mienɔ anyi le ŋutifafa me.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 12:11
13 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa ɖo xɔnametɔa ɖe na Israel, eye woge le Aramtɔwo si me, eye Israel-viwo nɔ woƒe agbadɔwo me abe tsã ene.


Ulam vi nye Bedan. Amesiawo nye Manase vi Maxir ƒe vi Gilead ƒe viwo.


Eye wòdɔ ame woyi ɖayɔ Barak, Abinoam vi, tso Kedes-Naftali vɛ, eye wògblɔ nɛ bena: Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ɖe se na wò be: Ho, yi Tabor-to la dzi, naɖe ame akpe ewo tso Naftali-viwo kple Zebulon-viwo dome kpe ɖe ɖokuiwò ŋu;


Tete Yehowa trɔ ɖe eŋu gblɔ bena: Yi le wò ŋusẽ sia nu, eye naɖe Israel tso Midiantɔwo si me, nye ŋutɔe le dɔwòm!


Tete Yoas gblɔ na amesiwo katã tsi tre ɖe egbɔ bena: Dzree miehe, yewoawɔ ɖe Baal nua? Alo ɖe miebe, yewoaxɔ nya ɖe enua? Ne amea ɖe be, yeawɔ dzre ɖe enu la, aku ŋdi sia! Nenye Mawue wonye la, ekema newɔ dzre ɖe eɖokui nu, le esi wogbã eƒe vɔsamlekpui la ta!


Eye wona ŋkɔe tso gbemagbe be Yerub-Baal hegblɔ bena: Baal newɔ dzre kplii, elabena eyae gbã eƒe vɔsamlekpui.


Tete Yerub-Baal, si nye Gideon, kple dukɔ blibo, si le eŋu la, fɔ ŋdi kanya va ƒu asaɖa anyi de Xarod-vudo la gbɔ, eye Midiantɔwo ƒe asaɖa le woƒe anyiehe gome, tso More-togbɛ la gbɔ ɖo ta bali la me.


Eye Yerub-Baal, Yoas vi, yi ɖanɔ eƒe me.


Eye womeve Yerub-Baal, amesi nye Gideon la ƒe ƒomeawo nu o, evɔ wònye ewo nyui geɖe na Israel hafi.


Eye Israel blibo la tso Dan vaseɖe Beerseba nyae bena, Yehowa bu Samuel nyateƒetɔe, eye wòɖoe nyagblɔɖilae.


Wobɔbɔ Filistitɔwo ɖe anyi, eye tso ekema dzi womegava Israel-nyigba dzi. Kpɔ o, eye Yehowa ƒe asi nɔ Filistitɔwo dzi le Samuel ƒe agbe me ŋkekewo katã me


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa