Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 11:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Ale dukɔ blibo la yi Gilgal, woɖo fia Saul le afima le Yehowa ŋku me le Gilgal, eye wosa akpedavɔ le afima le Yehowa ŋku me. Eye Saul kple Israel-ŋutsuwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le afima.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Ale woyi Gilgal eye woɖo Saul fiae le Yehowa ŋkume. Wosa akpedavɔ na Yehowa eye Saul kple Israelviwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 11:15
12 Mawu Ofanana  

Ale wòtrɔ Yuda-ŋutsuwo katã ƒe dzi abe ŋutsu ɖeka tɔ ene, eye wodɔ ame ɖo ɖe fia la gbɔ bena: Mia kple wò dɔlawo katã migbugbɔ va!


Eye Mose dɔ Israel-viwo dome ɖekakpuiwo ɖa, eye wotsɔ nyitsuwo mè numevɔsawo, eye wosa akpedavɔwo na Yehowa.


Ke azɔ la miekana ɖe nu ŋu le miaƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo me. Kakaɖenuŋu sia katã la vɔ̃ wònye.


Eye Samuel yɔ dukɔ la va Yehowa ŋku me le Mizpa.


Eye Samuel gblɔ na dukɔ blibo la bena: Miele amesi Yehowa tia na mi la kpɔma? Amea ɖeke mede enu le dukɔ blibo la dome o! Tete dukɔ blibo la tso aseye gblɔ bena: Fia nenɔ agbe!


Dze ŋgɔnye yi Gilgal, eye kpɔ ɖa, megbɔna gbɔwo, be masa numevɔ kple akpedavɔ. Lala ŋkeke adre, vaseɖe esime mava gbɔwò, eye magblɔ nusi na wo la na wò!


Eye Samuel gblɔ na Israel blibo la bena: Kpɔ ɖa, meɖo to miaƒe gbe le nusiwo katã miegblɔ nam la me, eye meɖo fia ɖe mia nu.


Alo menye fifi enye luŋeɣi oa? Ke mele Yehowa yɔ ge, eye wòana dzi naɖe gbe, eye tsi nadza, ne miadze sii, eye míakpɔe bena, miaƒe nu vlo, si miewɔ le Yehowa ŋku me hebia fia la, tri akɔ.


Gake dukɔ la gbe toɖoɖo Samuel hegblɔ bena: Gbeɖe, ke boŋ fia nenɔ mía nu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa