17 Eye Samuel yɔ dukɔ la va Yehowa ŋku me le Mizpa.
17 Azɔ la, Samuel na Israelviwo katã va kpe ta ɖe Yehowa ŋkume le Mizpa,
Mena fia wò le nye dɔmedzoe me, eye magaxɔe le nye dziku me.
Tete Yefta yi kple Gilead-ame tsitsiawo, eye Yefta gblɔ nya siawo katã le Yehowa ŋku me le Mizpa.
Tete Israel-viwo katã ho, eye ameha la kpe ta abe ame ɖeka ene tso Dan vaseɖe Beerseba kple Gilead-nyigba dzi ɖe Yehowa gbɔ le Mizpa.
Ale dukɔ blibo la yi Gilgal, woɖo fia Saul le afima le Yehowa ŋku me le Gilgal, eye wosa akpedavɔ le afima le Yehowa ŋku me. Eye Saul kple Israel-ŋutsuwo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le afima.
Etsana ƒe sia ƒe dea Betel, Gilgal kple Mizpa, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu na Israel le du siawo katã me.