Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 1:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, taflatse! Nye aƒetɔ, meta wò siaa! Nyee nye nyɔnu, si tsi tre ɖe gbɔwò le teƒe sia ɖo gbe ɖa na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

26 Hana bia Eli be, “Nye aƒetɔ, èɖo ŋku dzinyea? Nyee nye nyɔnu si tsi tsitre ɖe afi sia ɣe aɖe ɣi henɔ gbe dom ɖa na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 1:26
11 Mawu Ofanana  

Esia matsɔ ado mi akpɔe: Mefa Farao be, miadzo le afisia akpɔ o, negbe mia nɔvi ɖevitɔ la koe ava hafi!


Uriya ɖo ŋu na Dawid bena: Aɖaka la kple Israel kpakple Yuda wole agbadɔ me, nye aƒetɔ Yoab kple nye aƒetɔ ƒe dolawo ƒu asaɖa anyi ɖe tagba, eye nyea mayi aƒenye me, aɖu nu, ano nu ahadɔ srɔ̃nye gbɔa? Meta wò amea kple wò agbe siaa, ne mawɔ nusia fi!


Eye fia la gblɔ bena: Menye Yoab ƒe asie li kpli wò le nya siawo katã me oa? Nyɔnu la ɖo ŋu gblɔ bena: Meta wò agbe, nye aƒetɔ fia, womate ŋu adze ɖe ɖusi alo mia me le nya, siwo katã nye aƒetɔ fia gblɔ la me o; elabena wò dɔla Yoab ye dɔm, eye wòde nya siawo katã wò dɔlanyɔnu la nu.


Ke Eliya gblɔ na Elisa bena: Tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖo ɖe Betel. Elisa ɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe: Ne magblẽ wò ɖi fi! Eye woyi Betel.


Eye Eliya gblɔ nɛ bena: Elisa, taflatse, tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖe Yerixo Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe. Ne magblẽ wò ɖi fi! Eye wova Yerixo.


Eye Eliya gblɔ nɛ bena: Taflatse, tsi afisia, elabena Yehowa le dɔyem ɖe Yordan nu. Eɖo ŋu bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe: Ne magblẽ wò ɖi fĩ! Eye woa kple eve la woyi.


Tete ŋutsuvi la dada gblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple wò amea siaa: Ne magblẽ wò ɖi fĩ! Ale wòtso hedze eyome.


Eye Yabez yɔ Israel ƒe Mawu la gblɔ bena: Ne èyram, eye nèkeke nye anyigba ɖe enu, wò asi nɔ kplim, eye neɖe dzɔgbevɔ̃ewo ɖa, ale be vevea ɖeke medzɔ ɖe dzinye o la, — tete Mawu na nusi wòbia la, va me.


Esi Saul kpɔ Dawid wòyina Filistitɔa kpe ge la, ebia aʋafia Abner bena: Abner, ameka vi enye sia? Abner ɖo ŋu bena: Fiã, mefa wò siaa, nyemenyae o!


Ke Dawid gaka atam gblɔ bena: Fofowò nyae be, mèlɔ̃a nu le gbɔnye o, eyata wobu be, Yonatan meganyae, ne wòavee o! Ke meta Yehowa ƒe agbe kple wò siaa: Ne afɔɖeɖe ɖeka le mía kple ku dome fi!


Eyata nye aƒetɔ, mefa Yehowa ƒe agbe kple wò amea siaa, Yehowa nye amesi xe mɔ na wò, be nagaɖe hlɔ̃fe, eye natsɔ wò asi axa na ɖokuiwò o! Azɔ Nabal nenɔ abe nye aƒetɔ ƒe futɔ, siwo le eƒe gbegblẽ dim la ene!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa