Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 1:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Tete srɔ̃a Elkana gblɔ nɛ bena: Wɔ alesi dze ŋuwò, tsi anyi, vaseɖe esime naɖee le no nu! Yehowa nena wò nya nava me ko! Ale nyɔnu la tsi aƒe, eye wòna no via, vaseɖe esime woɖee le no nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Elkana lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ be, “Enyo; wɔ nu sia nu si nèkpɔ be edze. Woawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.” Ale Hana nɔ aƒe me va se ɖe esime Samuel dzudzɔ nonono.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 1:23
12 Mawu Ofanana  

Eyata, Yehowa Mawu, nɔ nya, si nègblɔ ɖe wò dɔla kple eƒe aƒe ŋu la dzi tegbee, eye nawɔ, abe alesi nègblɔ ene!


Esi metɔ ŋdi, be mana no vinye la, kpɔ ɖa, eku; ke esi meɖe ŋku ɖee le ŋdi la, kpɔ ɖa, menye vinye, si medzi lae o.


Nefae na Yehowa, axɔ nɛ, eye wòaɖee, elabena eƒe nu nyo eŋu.


eya, amesi nana eƒe dolawo ƒe nya vaa me, eye wòwɔa eƒe ame dɔdɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi; eya, amesi gblɔ na Yerusalem be, woaganɔ eme, eye wogblɔ na Yuda-duwo be, woatso wo, eye yeafɔ eƒe glikpowo ɖe tsitrenu;


eye srɔ̃a see, gake wozi kpi kpɔe, eye megbe nɛ o la, ekema wòawɔ eƒe adzɔgbe, siwo katã wòɖe, alo nusiwo wòtsri na eɖokui la dzi.


Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me.


Eye wòva ve me, esi wògblɔ nusiawo la, nyɔnua ɖe kɔ eƒe gbe dzi le ameha la dome gblɔ nɛ bena: Woayra dɔ, si me nènɔ, kple no, si nènɔ.


Tete Eli gblɔ bena: Yi le ŋutifafa me, Israel ƒe Mawu la awɔ nusi nèbiae la na wò!


Eye Saul gblɔ bena: Mina míaho ati Filistitɔwo yome le zã me, ne miaha wo vaseɖe ŋu ƒe keke me, eye miana wo dometɔa ɖeke nakpɔtɔ o! Tete woɖo ŋu bena: Wɔ nusianu, si dze ŋuwò! Eye nunɔla gblɔ bena: Mina míate ɖe Mawu ŋu afi!


Eye wògblɔ na Israel blibo la bena: Miɖo ɖe akpa ɖeka, eye mía kple vinye Yonatan mianɔ akpa evelia! Dukɔ la ɖo ŋu na Saul bena: Wɔ nusianu, si dze ŋuwò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa