Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eɖe srɔ̃ eve, ɖeka ŋkɔ nye Xana, eye evelia ŋkɔ nye Penina; Penina dzi vi, ke Xana medzi via ɖeke o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Srɔ̃ eve nɔ Elkana si, ame siwo nye Hana kple Penina. Viwo nɔ Penina si ke Hana ya medzi vi o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 1:2
13 Mawu Ofanana  

Ke Sarai tsi ko, vi mele esi o.


Ke Isak, ƒo koko na Yehowa le srɔ̃a ta, elabena etsi ko. Eye Yehowa ɖo to eƒe kokoƒoƒo la, eye srɔ̃a Rebeka fɔ fu.


Ke esi Yehowa kpɔ bena, womelɔ̃a Lea ƒe nya o la, enu eƒe vidzidɔ, eye wòxe Raxel tɔ.


Ke Lamex ɖe srɔ̃ eve; ɖeka ŋkɔ enye Ada, eye evelia ŋkɔ enye Zila.


Eye Lamex gblɔ na srɔ̃wo bena: Ada kple Zila, miɖo to nye gbe; mi Lamex srɔ̃wo, mise ye nyawo! Vavã, mewu ŋutsu ɖe nye abi teƒe kple ɖekakpui ɖe nye dodro teƒe.


Egblɔ na wo bena: Le miaƒe dzimesesẽ ŋutie Mose na mɔ mi bena, miaɖe asi le mia srɔ̃wo ŋuti ɖo; gake tso gɔmedzedzea me ke la mele nenema o.


Ke vi mele wo si o, elabena Elisabet tsi ko, eye woa kple eve la siaa woxɔ ƒe geɖe.


Eye Hana, nyɔnu nyagblɔɖilaa ɖe li, enye Fanuel ƒe nyɔnuvi tso Aser-ƒome me, si xɔ ƒe geɖe ŋutɔ, eye wònɔ anyi kple srɔ̃a ƒe adre tso eƒe ɖetugbi me;


Ɣemaɣi ŋutsua ɖe tso Zora le Dan-ƒome la me, amesi ŋkɔe nye Manoax, eye srɔ̃ tsi ko, medzi vi o.


Ŋutsuvi blaadre le Gideon si, siwo nye eya ŋutɔ ƒe ali me viwo, elabena eɖe srɔ̃ geɖe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa