Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Samuel 1:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eɖo ŋu bena: Ne ève wò dɔlanyɔnu nu ko! Emegbe nyɔnu la lé eƒe mɔ, eye woɖu nu, eye megato mo azɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Hana gblɔ be, “Na wò dɔla nakpɔ amenuveve le gbɔwò.” Ale wòlé eƒe mɔ tsɔ eye wòdi nane ɖu, ale be megato mo azɔ o.

Onani mutuwo Koperani




1 Samuel 1:18
11 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ na wo bena: Ale miagblɔ na nye aƒetɔ Esau enye si: Wò dɔla Yakob be, míagblɔ na wò bena: Menɔ Laban gbɔ, eye metsi anyi ʋuu vaseɖe fifi.


Eye mekpɔ aƒenyiwo, tedziwo kple alẽwo, kluviwo kple kosiviwo, eye meɖo dɔlawo ɖo ɖe nye aƒetɔ gbɔ, be wòave nunye.


Tete Esau gblɔ bena: Ekema magblẽ amesiwo le ŋunye la ɖewo ɖe gbɔwò! Eɖo ŋu bena: Nukaŋuti, esi nye aƒetɔ ve nunye xoxo ɖe!


Eye wòbiɛ bena: Ha blibo ka enye si va kpem le mɔ dzi? Eɖo ŋu be: Bena nye aƒetɔ nave nunye!


Amesiwo tsɔ ŋku ɖo eŋu la, dzidzɔ ɖo mo na wo, eye woƒe mo metsi ɖã o.


Eyata yi naɖu wò abolo kple dzidzɔ, eye nano wò wein le dzidzeme me, elabena gbaɖegbe ke Mawu tso na wò nuwɔwɔ sia.


Vaseɖe fifi la miebia naneke le nye ŋkɔa dzi kpɔ o: Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fũ.


Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.


Tete wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, ne ènya ve nunye ko, elabena èfa akɔ nam, eye nèƒo nu kple wò, dɔlanyɔnu xɔlɔ̃tɔe, evɔ wònye nyemeɖe wò dɔlanyɔnuwo dometɔa ɖeke nu o hafi!


Eye Rut, Moab-nyɔnu la, gblɔ na Naomi bena: Mayi agble me aɖafɔ lu dzɔdzɔewo le amesi ave nunye la yome. Eye wògblɔ ne bena: Heyi, vinye!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa