Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 9:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nu gbagbe, siwo katã ʋãna, nenema nu siawo katã metsɔ na mi, bena woanye miaƒe nuɖuɖu abe amagbewo ke ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Nu sia nu si le agbe, eye woʋãna la anye nuɖuɖu na mi. Abe ale si metsɔ amagbewo na mi kpɔ ene la, nenema ke mele nu sia nu tsɔm le asi dem na mi fifia.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 9:3
18 Mawu Ofanana  

Metsɔ anyigba dzi lãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, kple tɔmelãwo katã de asi na mi, eye mianye vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi na wo.


Mekpɔ mɔ aɖu lã kuku alo lã, si nu lé o, ava gblẽ kɔ ɖo na eɖokui. Nyee nye Yehowa!


Menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me bena, naneke menye kɔgblẽɖonu le eɖokui si o, negbe amesi ke bua nane kɔgblẽɖonu la, eyama wòzu kɔgblẽɖonu na.


Elabena mawufiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o, ke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple dzidzɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye.


Megagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ le nuɖuɖu ta o! Nusianu ŋuti kɔ hafi; gake la enye vɔ̃ na amesi ɖui le nuɖiaɖia me.


Amesi dua nu la, nagaɖo vlo amesi meɖua nu o la o; eye amesi meɖua nu o la, nagadrɔ̃ ʋɔnu amesi ɖunɛ la o, elabena Mawu xɔe.


Woɖe nuwo katã ƒe mo na ame, ke menye nuwo katãe nyona na ame o; woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe doa ame ɖe ŋgɔgbe o.


Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔa ɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu,


Ke ekpɔ mɔ awu lã, siwo Yehowa, wò Mawu, yra wò nekpɔ la, aɖu le wò duwo katã me alesi dze ŋuwò, eye amesi ŋu mekɔ o, kple amesi ŋu ko la, kpɔ mo aɖui, abe alesi woɖua sẽ kple zi ene.


Eyata migana amea ɖeke nadrɔ̃ ʋɔnu mi le nuɖuɖu alo nunono ŋuti alo le ŋkekenyuie alo ɣletidzedzi alo Sabat la gome o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa