Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 9:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Tete Sem kple Yafet tsɔ avɔ lé ɖe abɔta hezɔ megbemegbee, eye wotsyɔe na wo fofo, eye wometrɔ kɔ kpɔ wo fofo ƒe ama o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Ale Sem kple Yafet lé avɔ aɖe ɖe abɔta, trɔ kɔ ɖe adzɔge, zɔ megbemegbe yi avɔgbadɔ la me, eye wotsɔ avɔ la tsyɔ na wo fofo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 9:23
11 Mawu Ofanana  

Eye Xam, Kanaan fofo, kpɔ fofoa ƒe ama, eye wòɖagblɔe na nɔvia eveawo le xexe.


Ke esi aha la kɔ le mo na Noa, eye wòse nusi via ɖevitɔ wɔ ɖe eŋu la,


Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.


Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la, eye navɔ̃ wò Mawu la. Nyee nye Yehowa!


Eyata azɔ la mitu fe na amesiame, alesi dze: Amesi tɔ nye nudzɔdzɔ la, mìdzɔ nu nɛ; amesi to nye adzɔnana la, mina adzɔe; amesi dze vɔvɔ̃ la, nuvɔ̃e; amesi dze bubu la, mibui.


Nɔviwo, ne vodadaa ɖe ɖi ɖe amea ɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye na ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.


Megawo ɖe ame tsitsi ta o, keboŋ xlɔ̃ nui abe fofo ene, ɖekakpuiwo abe nɔviŋutsuwo ene,


Hamemegã, siwo kpɔa ha la dzi nyuie la, edze be, woatsɔ bubu teƒe eve abu wo, vevietɔ amesiwo dze agbagba le nyagbɔgblɔ kple nufiafia me la.


Ne wotso hamemegãa de nu la, megaxɔe o, negbe le ɖaseɖila eve alo etɔ̃ nu ko.


Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo, miyɔ Mawu, mibu fia la.


Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa