Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 9:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye Noa de asi agbledede me, eye wòde weingblea ɖe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Noa, ame si nye agbledela la de waingble.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 9:20
15 Mawu Ofanana  

Yehowa Mawu ɖe ame ɖa tso Eden-bɔ la me, bene woaŋlɔ anyigba, si me woɖee tsoe.


Emegbe la edzi enɔvia Habel, eye Habel va zu lãnyila, ke Kain ya zu agbledela.


Eye wòna ŋkɔe bena Noa, elabena egblɔ be: Ame sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple fuɖeɖewo me le anyigba, si Yehowa ƒo fi de la dzi.


Noa viŋutsu etɔ̃ siawo me amegbetɔwo katã dzo tso hekaka ɖe anyigba blibo la katã dzi.


Ke esi wòno wein mu la, eɖe ama ɖe eƒe agbadɔ me.


Agbevudo enye ame dzɔdzɔe ƒe nu, ke ŋutasesẽ yɔ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me.


Amesi de eƒe agble la, akpa abolo fu; ke amesi le nu ƒuƒluwo yome dim la, tagbɔ meli nɛ o.


Mele kuviatɔ ƒe agble kple ame manyanu ƒe weingble ŋu yi.


Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo na o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖea ɖeke metso eme nɛ o. Esia hã toflokoe.


Migamɔ kpɔyem be, menya alea o, elabena ɣee ɖum. Danye viŋutsuwo ɖo dɔmedzoe ɖe ŋunye; wotsɔm ɖo weingbledzɔlae, ke nyemedzɔ nye ŋutɔ nye weingble ŋu o.


Ameka gɔ̃e woa aʋawɔvi ƒe do, eye wòxea fe na eɖokui? Alo ameka gɔ̃e dea weingble, eye meɖua eƒe kutsetse oa? Alo amekae nyia lãha, eye menoa lãha la ƒe notsi oa?


Ne ŋutsua ɖe de weingble, eye mede nu eme nua ɖeke ŋu haɖe o la, ekema wòagbugbɔ ayi aƒe, bena magaku ɖe aʋa me, eye ŋutsu bubu nawɔ eŋu ɖɔ o.


Abia nyɔnu ta, ke ŋutsu bubu agblẽe; atu xɔ, ke manɔ eme o, ade weingble, ke mawɔ eŋu dɔ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa