2 Eye anyigbatu me tsiwo nu tso, eye dziƒo nu tu; ale wɔ tsi la ke.
2 elabena tsi si ŋɔ tso tome la nu tso, eye tsidzadza la ke.
Esi Noa xɔ ƒe alafa ade, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi tututu la, anyigbatu me tsiwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu.
Eye tsi dzi ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã blane sɔŋ.
Elabena esusɔ ŋkeke adre mana tsi nadza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane, eye matsrɔ̃ nusianu, si mewɔ ɖe anyigba dzi.
Ɖe nede atsiaƒu dzɔƒe, eye nèzɔ egɔme kpɔa?
Ameka tsɔ nunya xlẽ alilikpowoe, eye ameka trɔ dziƒotsigoewo ƒo ɖe anyi,
esime wosa alilikpowo ɖe dzi me, eye tɔ goglowo dzi tsi bɔbɔbɔ.
gblɔ bena, Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam; medo ɣli tso tsieƒe ƒe ƒodo me, eye nèse nye gbe.
Elabena nye hã menye amesi le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye; eye ne megblɔ na ame sia be: Yi! eyina; eye ne megblɔ na ame bubu bena: Va! evana; eye ne megblɔ na ye dɔtsɔla bena: Wɔ esia! ewɔnɛ.