10 Emegbe wòlala ŋkeke adre, eye wòʋu nu le ahɔnea nu le aɖakaʋu la me.
10 Le ŋkeke adre megbe la, Noa gaɖe asi le ahɔnɛ la ŋu.
Eye wòva me le ŋkeke adreagbe bena, tsi dza ɖe anyigba la dzi.
Elabena esusɔ ŋkeke adre mana tsi nadza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane, eye matsrɔ̃ nusianu, si mewɔ ɖe anyigba dzi.
Eye ahɔne la va egbɔ le fiẽ me, eye kpɔ ɖa, amitiɖɔmee le enu. Azɔ Noa dze sii bena, tsia mie le anyigba dzi.
Eye wògalala ŋkeke adre bubu, eye wògaʋu nu le ahɔnea nu, ke megado va egbɔ o.
Ke esi ahɔne la mekpɔ afisi wòadze ɖo o la, egatrɔ va egbɔ le aɖakaʋu la me, elabena tsi le anyigba blibo la katã dzi, eye wòdo asi ɖa lée de aɖakaʋu la me.
Dawid ƒe ha na henɔ la.
Yehowa, míekpɔ ma na wò le wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo ƒe mo dzi ke hã; wò ŋkɔ kple wò kafukafu dzro luʋɔwo.
Eyata mele Yehowa, amesi tsyo nu eƒe ŋku me ɖe Yakob ƒe aƒea la sinu dzɔm, eye mele mɔ kpɔm nɛ.
Ke ne míele mɔ kpɔm na nusi míekpɔna kple ŋku o la, míele elalam le dzidodo me.