Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye Noa kple viaŋutsuwo kple srɔ̃a hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃wo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me, hafi tsi va ɖe anyigba.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Ege ɖe aɖakaʋu la me kple srɔ̃a, via ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo be woasi le tsiɖɔɖɔ la nu.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 7:7
10 Mawu Ofanana  

Ke mabia nu kpli wò bena, nayi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple srɔ̃wò hekpe ɖe viwòŋutsuawo srɔ̃wo ŋu.


Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.


Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.


Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me,


Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole srɔ̃ɖeɖe dzi, eye wole wo tsɔm na, be woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi de aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va, eye wotsrɔ̃ wo katã.


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe;


amesiwo sẽ to tsã, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la lala le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wòle aɖakaʋu dzram ɖo, si me woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi la le hetso tsi me,


eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa