Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 7:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye Noa wɔe, abe alesi Mawu de se nɛ ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ale Noa wɔ nu sia nu si Yehowa di tso esi be wòawɔ la.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 7:5
14 Mawu Ofanana  

Eye Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.


Eye lã, siwo yi ɖe egbɔ la, wonye atsu kple asi; lã vovovowo yi ɖe egbɔ, abe alesi Mawu ɖe se nɛ ene. Eye Yehowa do ʋɔ ɖe enu.


Ekema ŋu makpem o, nenye be, meɖe ŋku ɖe wò seawo katã.


Ble wowu nɔƒe, si enye Mawu ƒe agbadɔ la, ŋu dɔwo katã nu, eye Israel-viwo wɔe pɛpɛpɛ, abe alesi Yehowa de se na Mose be, woawɔe ene.


Eye Mose wɔe pɛpɛpɛ. Alesi Yehowa de se ne la, nenema wòwɔ.


Alesi Yehowa ɖe se na Mose kple Aron la, nenema wowɔ.


Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Na mɔ azɔ, elabena nenema koe dze mí bena, míawu nu dzɔdzɔewo katã nu. Tete wòɖe mo nɛ.


Eye wòɖo eŋu na wo bena: Danye kple nɔvinyewo nye esiawo, amesiwo le mawunya la Sem, eye wole edzi wɔm.


Ne mienyã nusiawo, eye miewɔ wo la, Woayra mi.


Dadaa gblɔ na subɔlawo bena: Nusi ke wòagblɔ na mi la, miwɔe.


Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase atitsoga ŋuti ku la me ke.


eye wònye Vi wònye hafi, gake wòsrɔ̃ toɖoɖo le fu, siwo wokpe la me;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa