Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 7:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eye nu gbagbe, siwo ʋãa wo ɖokui le anyigba dzi; xe dzodzoewo, aƒemelãwo, gbemelãwo kple nusiwo katã tana le anyigba dzi, hekpe ɖe amewo ŋu, wo katã wotsi tɔ la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Nu gbagbe siwo katã nɔ anyigba dzi, xeviwo, aƒemelãwo, gbemelãwo, nu gbagbe siwo katã tana kple amegbetɔƒome blibo la katã tsrɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 7:21
20 Mawu Ofanana  

Ale Mawu wɔ gbemelãwo hamehame, aƒemelãwo hamehame kple lã, siwo katã tana le anyigba dzi hamehame. Eye Mawu kpɔ bena enyo.


Tete Mawu gblɔ na Noa bena: Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa.


Elabena nye la mana tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilã, siwo katã le dziƒoa te, esiwo me agbegbɔgbɔ le la, natsrɔ̃, eye anyigba dzi nuwo katã naku.


Elabena esusɔ ŋkeke adre mana tsi nadza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane, eye matsrɔ̃ nusianu, si mewɔ ɖe anyigba dzi.


ekema ŋutilãwo katã nu ayi, eye amegbetɔ agazu ke.


Anyigba fe kpla, anyigba wó kpla, anyigba le ʋuʋum keɖekeɖe;


Eyata fiƒode le anyigba ɖum, eye edzi nɔlawo akpɔe ɖe enu. Eyata anyigbadzitɔwo afia kolikoli, eye amegbetɔ ʋeea ɖewo kɔe asusɔ.


Eyata anyigba axa nu, eye nu ati kɔ na edzinɔlawo katã, eye woatsrɔ̃ gbemelãwo, dziƒoxewo kple keke atsiaƒumelãwo ke hã.


Dzo le nu ɖum le eŋgɔ, eye dzoƒaɖe le nu fiãm le emegbe; anyigba la le eŋgɔ abe Eɖen-bɔ ene, eye emegbe nye gbegbe ɖeɖe sɔŋ; amea ɖeke masi le enu o.


Matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo, dziƒoxewo kple ƒumelãwo, matsrɔ̃ nuɖianuwo kple ame vɔ̃ɖiwo ɖa, eye matsrɔ̃ amegbetɔwo ɖa le anyigba dzi, Yehowa ye gblɔe!


eye womedze sii o, vaseɖe, esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii ta, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.


Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole srɔ̃ɖeɖe dzi, eye wole wo tsɔm na, be woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi de aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va, eye wotsrɔ̃ wo katã.


Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋuta ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ.


Elabena mienyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.


eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa