Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 7:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Le ŋkeke ma dzi tututu Noa kple viaŋutsuwo: Sem, Xam kple Yafet kple Noa srɔ̃ hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃ etɔ̃awo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ke Noa yi aɖakaʋu la me gbe ma gbe kple srɔ̃a kple viawo, Sem, Ham kple Yafet kple wo srɔ̃wo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 7:13
16 Mawu Ofanana  

Eye wodzi ŋutsuwo na Sem, amesi nye Eber-viwo katã tɔgbui kple Yafet nɔvi xoxoetɔ.


Xam viŋutsuwo nye: Kus, Mizrayim, Put kple Kanaan.


Esi Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃ la, edzi Sem, Xam kple Yafet.


Eye Noa dzi ŋutsuvi etɔ̃: Sem, Xam kple Yafet.


Ke mabia nu kpli wò bena, nayi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple srɔ̃wò hekpe ɖe viwòŋutsuawo srɔ̃wo ŋu.


Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.


woawo kple gbemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple aƒemelãwo katã le woƒe ƒomeviwo nu kple nu tata, siwo katã tana le anyigba dzi, le woƒe ƒomeviwo nu hekpe ɖe xewo kple nusiwo katã dzona la ŋuti le woƒe ƒomeviwo nu.


Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke blave vɔ adrelia dzi anyigba dzi ƒu keŋkeŋ.


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


amesiwo sẽ to tsã, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la lala le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wòle aɖakaʋu dzram ɖo, si me woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi la le hetso tsi me,


eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi;


Ke ne wo fofowo kple wo nɔviŋutsuwo va dzre wɔ ge kpli mí la, ekema miagblɔ na wo bena: Miele asi le wo ŋu na mi, elabena miekpɔ nyɔnu le aʋa me na amesiame o; ɖe wònye mia ŋutɔwoe tsɔ wo na wo la, eya ko wòanye ɖe míeɖi fɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa