Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 7:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Esi Noa xɔ ƒe alafa ade, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi tututu la, anyigbatu me tsiwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia gbe le Noa ƒe ƒe alafa ade xɔxɔ me la, anyigba ƒe tumetsi gãwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu gbe ma gbe.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 7:11
27 Mawu Ofanana  

Eye Mawu wo alili la, eye wòmã tsi, si le alilia te, kple tsi, si le alilia ta me la dome. Eye wòva me nenema.


Elabena nye la mana tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilã, siwo katã le dziƒoa te, esiwo me agbegbɔgbɔ le la, natsrɔ̃, eye anyigba dzi nuwo katã naku.


Noa xɔ ƒe alafa ade, esime tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba.


Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke blave vɔ adrelia dzi anyigba dzi ƒu keŋkeŋ.


Eye anyigbatu me tsiwo nu tso, eye dziƒo nu tu; ale wɔ tsi la ke.


fia ŋu me la ɖo ŋu na Mawu fe ame la gblɔ bena: Kpɔ ɖa, ne Yehowa ɖe fesre ɖe dziƒo ŋu hã la, ɖe nusia ava mea? Eye wògblɔ be: Kpɔ ɖa, àkpɔe kple wò ŋkuwo, gake màɖu ɖeke o.


Ke fia ŋu me, si ƒe alɔ ŋu fia la ziɔ ɖo la, ɖo ŋu na Mawu ƒe ame gblɔ bena: Kpɔ ɖa, ne Yehowa aɖe fesre ɖe dziƒo ŋu hã la, ɖe esia ava mea? Eɖo ŋu nɛ be: Kpɔ ɖa, akpɔe kple wò ŋkuwo, ke maɖu ɖeke o!


Kpɔ da, ne exa mɔ na tɔwo la, womiena; ne eɖe asi le wo ŋu la, wowuwlua anyigba.


Woɖe do wòyi to ʋi tso dzitatɔwo gbɔ; amesiwo ku de ya me le agba sem le eme la, le adzɔge tso amewo gbɔ, eye afɔ sia afɔ ŋlɔ wo be.


Ɖe nede atsiaƒu dzɔƒe, eye nèzɔ egɔme kpɔa?


Ameka tsɔ nunya xlẽ alilikpowoe, eye ameka trɔ dziƒotsigoewo ƒo ɖe anyi,


Eƒoa atsiaƒutsiwo nu ƒu abe ɖe goe me ene, eye wòdzraa tɔɖɔɖɔ ɖo ɖe nudzraɖoƒe.


Wòe na tsidzɔƒewo kple lɔʋuwo si, eye nèna tɔsisi gãwo mie.


Eƒe sidzedze na towo gɔme ŋɔ, eye alilikpowo dza zãmu.


Eye amesi ase ŋɔdzi ŋkɔ asi la, age adze ʋe me, eye amesi ado le ʋe me la, mɔ̃ka aɖee. Elabena woʋu dzimefesrewo, eye anyigba ƒe agunu le dzodzom kpekpekpe.


Anyigba fe kpla, anyigba wó kpla, anyigba le ʋuʋum keɖekeɖe;


Yehowa be: Ɖe miagbem vɔvɔ̃, eye miadzo nyanyanya le ŋkunye me oa? Nye amesi tsɔ ke do liƒo na atsiaƒu wònye kpododo mavɔ, si dzi magbɔ o, ne edze agbo hã, mate ŋui o, eye ne eƒe tsotsoewo le gbe ɖem hã, magbɔ edzi ayi o.


Eƒe gbeɖeɖe nana tsiwo ɖina hoo le dziƒo, eye wònana atu hona yia dzi tso anyigba ƒe mlɔenu; ewɔa dzikedzo kpena ɖe tsidzadza ŋu, eye wòɖea ya donae tsoa eƒe nudzraɖoƒe.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ne mena nèzu aƒedo abe du, si me amea ɖeke mele o ene, ne mehe tɔɖɔɖɔ va dziwò, eye tsi gãwo nye tsyɔ wò la,


Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ abe nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o ha? Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me,


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


nusiawo na tsiɖɔɖɔ yɔ xexe kema me, eye wotsrɔ̃.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa