Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 6:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Ke mabia nu kpli wò bena, nayi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple srɔ̃wò hekpe ɖe viwòŋutsuawo srɔ̃wo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 “Ke mele nu blam kpli wò be makpɔ tawò le aɖakaʋu la me nànɔ dedie kple srɔ̃wò kple viwò ŋutsuwo kple wo srɔ̃wo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 6:18
11 Mawu Ofanana  

Ke mabia nu kple Isak, amesi Sara adzi na wò le ƒe, si gbɔna ƒe woalèwoɣi la.


Kpɔ ɖa, mebia nu kpli wò, eye nazu dukɔ geɖewo fofo.


Eye maɖo nye nubabla anyi le mía kpli wò kple megbewòviwo katã dome, eye wòanye nubabla mavɔ, bena manye wò ŋutɔ kple megbewòviwo ƒe Mawu tegbee.


Tete Yehowa gblɔ na Noa be na: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã, elabena mekpɔ bena, ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia dome.


Le ŋkeke ma dzi tututu Noa kple viaŋutsuwo: Sem, Xam kple Yafet kple Noa srɔ̃ hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃ etɔ̃awo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me;


Eye Noa kple viaŋutsuwo kple srɔ̃a hekpe ɖe viaŋutsuawo srɔ̃wo ŋuti, woyi ɖe aɖakaʋu la me, hafi tsi va ɖe anyigba.


Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nado ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, vaseɖe esime dziku la nu nava yi.


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


amesiwo sẽ to tsã, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la lala le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wòle aɖakaʋu dzram ɖo, si me woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi la le hetso tsi me,


eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa