Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 6:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Elabena nye la mana tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilã, siwo katã le dziƒoa te, esiwo me agbegbɔgbɔ le la, natsrɔ̃, eye anyigba dzi nuwo katã naku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 “Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 6:17
33 Mawu Ofanana  

Azã Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.


Tete Mawu gblɔ na Noa bena: Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi; kpɔ ɖa, matsrɔ̃ wo kple anyigba siaa.


Eye naɖe fesre, siwo akɔ abɔklugui ɖeka la, ɖe aɖakaʋu la ƒe gliwo dzi aƒo xlãe godoo va kpe; eye naɖe ʋɔtru aɖakaʋu la ƒe axa dzi, eye nawɔ dzisasrã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple elametɔ.


Eye Yehowa gblɔ bena: Matsrɔ̃ ame, siwo mewɔ la ɖa le anyigba blibo la katã dzi, tso amewo kple lãwo dzi vaseɖe nu tatawo kple dziƒoxe dzodzoewo dzi, elabena evem bena, mewɔ wo.


Eye lãwo tsyo ƒomevi, siwo me agbegbɔgbɔ le la, woyi de Noa gbɔ eveveve le aɖakaʋu la me.


Eye tsia le anyigba la ɖem ŋkeke blane sɔŋ, eye tsia le agbɔ sɔm hekɔ aɖakaʋu la ɖe dzi, ale bena, aɖakaʋu la le tsia ŋgɔ.


Elabena esusɔ ŋkeke adre mana tsi nadza ɖe anyigba dzi ŋkeke blane kple zã hã blane, eye matsrɔ̃ nusianu, si mewɔ ɖe anyigba dzi.


Kpɔ ɖa, mebia nu kpli mi kple míaƒe dzidzimeviwo


Amesiwo wotsrɔ̃ ɖa, hafi woƒe ɣeyiɣi la ɖo edzi, eye woƒe agunu lolo zu tɔsisi.


anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli ɖe tɔɖɔɖɔ dzi; Yehowa bɔbɔ nɔ anyi gli abe fia ene tegbee.


Nye la mana Egiptetɔwo ƒe dzime nasẽ, eye woakplɔ wo ɖo, be maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ la katã, eƒe tasiaɖamwo kpakple eƒe sɔɖolawo ŋuti.


Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?


Elabena esia le nam abe Noa ƒe tsiɖɔɖɔ ene; alesi mekɔ atam be, Noa ƒe tsiɖɔɖɔ magaɖe anyigba akpɔ o la, nenema ke meka atam be, nyemagado dɔmedzoe ɖe ŋuwò, eye nyemagaka mo na wò azɔ o.


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli maɖi nye alẽwo, eye malé ŋku ɖe wo ŋu.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meli, eye madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ dami kple alẽ ɖiku dome.


eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, nye hã maƒo ɖe dziwò, eye madrɔ̃ ʋɔnu le mewò le dukɔwo ŋku me,


gblɔ bena: Mi Israel-towo, mise Aƒetɔ Yehowa ƒe nya! Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ ɖe towo kple togbɛwo, agatowo kple balimewo ŋu enye si: Kpɔ ɖa, mahe yi ava mia dzi, eye magblẽ miaƒe nuxeƒewo.


Elabena dzata menye na Efrayim, eye dzatavi menye na Yuda ƒe aƒe; mavuvu nu ahadzo, malé nu adzoe amea ɖeke maxɔe o.


ekema nye hã mado dɔmedzoe atsi tre ɖe mia ŋu, eye mahe to na mi ɖe dzi zi adre le miaƒe nuvɔ̃wo ta.


eya amesi tu eƒe dziƒoxɔ ɖe dzi me, eye wòɖo eƒe xɔ goba gɔme anyi ɖe anyigba dzi, eya amesi yɔ atsiaƒu me tsiwo hetsɔ ƒo ɖe anyigba dzi la ŋkɔ enye Yehowa!


eye womedze sii o, vaseɖe, esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii ta, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.


Wole nuɖuɖu dzi, wole nunono dzi, wole srɔ̃ɖeɖe dzi, eye wole wo tsɔm na, be woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi de aɖakaʋu la me, eye tsiɖɔɖɔ va, eye wotsrɔ̃ wo katã.


bene alesi ke nuvɔ̃ la ɖu fia ɖe ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fía to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ dzi.


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


Miele ekpɔm azɔ be, nye ɖeɖe koe ti, eye mawua ɖeke mekpe ɖe ŋunye oa? Mewua ame, eye megbɔa agbee, meƒoa ame, eye meyɔa ɖoe, eye womate ŋu aɖe amea ɖeke tso asinye o.


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


amesiwo sẽ to tsã, esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la lala le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wòle aɖakaʋu dzram ɖo, si me woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi la le hetso tsi me,


eye mekpe blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye le gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa