Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 6:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye naɖe fesre, siwo akɔ abɔklugui ɖeka la, ɖe aɖakaʋu la ƒe gliwo dzi aƒo xlãe godoo va kpe; eye naɖe ʋɔtru aɖakaʋu la ƒe axa dzi, eye nawɔ dzisasrã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple elametɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Ɖe fesre mita afã ɖe xɔ gbagbã la te ƒo xlã aɖakaʋu la. Wɔ dzisasã etɔ̃, etetɔ, titinatɔ kple etametɔ ɖe aɖakaʋu la me, eye nàde ʋɔtru ɖeka tɔdziʋu la ƒe axadzi.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 6:16
9 Mawu Ofanana  

Eye ale nawɔe enye si; Aɖakaʋu la ƒe didime nanye abɔklugui alafa etɔ̃, eƒe kekeme nanye abɔklugui blaatɔ̃, eye eƒe kɔkɔme nanye abɔklugui blaetɔ̃.


Elabena nye la mana tsi naɖe anyigba la, bena ŋutilã, siwo katã le dziƒoa te, esiwo me agbegbɔgbɔ le la, natsrɔ̃, eye anyigba dzi nuwo katã naku.


Eye lã, siwo yi ɖe egbɔ la, wonye atsu kple asi; lã vovovowo yi ɖe egbɔ, abe alesi Mawu ɖe se nɛ ene. Eye Yehowa do ʋɔ ɖe enu.


Le ŋkeke blane megbe la Noa ʋu aɖakaʋua ƒe fesre, si wòwɔ la.


Esi Yehowa ƒe aɖaka la va Dawid ƒe dua me la, Saul vinyɔnu Mixal le fesre nu kpɔ Dawid le kpo tim hele ɣe ɖum le Yehowa ŋku me, eye woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.


Emegbe Yehu va Yezreel. Esi Izebel see la, eɖo tu ɖe ŋku, eye wòwɔ leke na eƒe ta, eye wòdo mo ɖe fesre nu.


agbalinu kple fesre, siwo ƒe nugbɔ lɔ ɖe eme lɔƒo kpakple gbedoxɔ la ƒe akpa etɔ̃awo ƒe gliwo ŋu le agbali la ŋgɔdze tso anyigba vaseɖe fesreawo gbɔ; ke wotu fesreawo.


Le teƒe, si le xɔxɔnu metɔ hekeke abɔklugui blave gbɔ lɔƒo, kple kpenyigba, si le xɔxɔnu kɔtoetɔ gbɔ lɔƒo la, sɔtiwo ƒe akpata dze ŋgɔ wo nɔewo le dzisasrã etɔ̃ me.


Tso esia dzi, ne aƒetɔ la tsi tre, eye wòtu ʋɔa, eye ne míetsi tre ɖe egodo, de asi ʋɔtrua ƒoƒo me gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, nui na mí la, axɔ dzi agblɔ na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa