Emegbe la ena wòɖo tasiaɖam evelia, si kplɔ fia tɔ ɖo la, eye kpodolawo le eŋgɔ le gbɔgblɔm bena: Midze klo, midze klo! Ale wòɖoe Egipte-nyigba la katã nu.
Nye la mana Egiptetɔwo ƒe dzime nasẽ, eye woakplɔ wo ɖo, be maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ la katã, eƒe tasiaɖamwo kpakple eƒe sɔɖolawo ŋuti.
Eye tsi la nyẽ zi va kpe, eye wòŋe ɖe tasiaɖamwo, sɔdolawo kple Farao ƒe aʋakɔ blibo, siwo ti wo yome va ƒua me la dzi. Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã mesusɔ o.