Esi Kanaantɔ, siwo nye anyigba dzi nɔlawo, kpɔ yɔƒewɔwɔ la le Gorenhatad la, wogblɔ bena: Afisia Egiptetɔwo wɔ yɔƒe gãa ɖe le. Eyata woyɔa teƒe ma bena Abel-Mizraim, si le Yordan godo.
Eye viawo tsoe yi Kanaan, eye woɖii ɖe kpeto, si le Maxpela gble me, le Mamre kasa la me; agble, si Abraham ƒle le Efron Xititɔa si, be wòanye ameɖiƒe nɛ.