5 Eye Adam ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaetɔ̃, eye woku.
5 Exɔ ƒe alafa asiekɛ kple blaetɔ̃ (930) hafi ku.
Fifia ate wò, hafi nakpɔ abolo aɖu, vaseɖe esime nagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wò tsoe. Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!
Eye Enos ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple atɔ̃, eye woku.
Esi Adam dzi Set megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.
Eye esi Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ la, edzi Enos.
Eye Set ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple wuieve, eye wòku.
Elabena ele be, míaku, eye míele abe tsi, si wokɔ ɖe anyigba, eye womagate ŋu aklui o ene; eye Mawu medea amea ɖeke ɖa o, ke boŋ ebua eme kpɔna be, ne maganyã amesi wonyã la ɖa le eɖokui gbɔ o.
Adam, Set, Enos,
Elabena menyae be, àkplɔm ade asi na ku, eye mayi xɔ, si me agbãgbeawo katã ƒoa ta kpli do la me.
Aƒetɔ, ɖo ŋu, alesi nye agbe le kpuie kple alesi nèwɔ amegbetɔviwo katã dzodzroe!
Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hlã nye wo aɖegbeƒonu; elabena wova yi kabakaba, eye míedze.
togbɛwo hã dzia ŋɔ na ame, eye ŋɔdzi nɔa mawo dzi; wotsria azi, eye ʋetsuviwo tea texlolo, eye nuɖuɖu medzroa ame o; elabena amegbetɔ yia eƒe aƒe mavɔ me, eye konyifalawo nɔa yiyim le kpɔɖome;
hafi ne ekewɔ nagatrɔ yi anyigba, si wònye tsã la gbɔ, eye gbɔgbɔ la nagbugbɔ ayi Mawu, amesi tsɔe na la gbɔ.
Elabena agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menye naneke o, fetua ɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.
Wò avɔwo nefu ɣeawokatãɣi, eye ami megagbe wò tamenɔnɔ o.
Kpɔ ɖa, luʋɔwo katã, tɔnye wonye, fofo kple vi ƒe luʋɔ siaa, tɔnye wonye; luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.
eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo be, yeatsɔ na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.
Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,