Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 5:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Esi Henox zɔ kple Mawu ta la, ebu vĩ, elabena Mawu kplɔe dzoe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 eye esi wògazɔ kple Mawu kplikplikpli ta la, ebu vĩi, elabena Mawu kɔe dzoe.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 5:24
19 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu nam bena: Yehowa, amesi ƒe ŋku me zɔm mele la, adɔ eƒe dɔla akpe ɖe ŋuwò, bena wò mɔzɔzɔ la nadze edzi na wò, eye naɖe srɔ̃ na vinye atso ƒonyemeawo gbɔ le fofonye ƒe me.


eye esi wògatrɔ va nɔviawo gbɔ la, egblɔ bena: Ɖevia megali o; azɔ afika nye la mayi?


Tete wo fofo Yakob gblɔ na wo bena: Vinyewo ko ɖem miele le ŋunye! Yosef meli o, eye Simeon hã meli o, eye miele didim be, miagaxɔ Benyamin hã! Dzinye koe nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖo!


Esi wòdzi Metusala megbe la, Henox zɔ kple Mawu ƒe alafa etɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


Eye Henox ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa etɔ̃ kple blaade vɔ atɔ̃.


Eye esi Metusala xɔ ƒe alafa ɖeka kple blanyi vɔ adre la, edzi Lamex.


Esia enye Noa ƒe dzidzimeviwo ŋutinya Noa enye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome, eye Noa zɔ kple Mawu.


Esime Yehowa le Eliya kɔ ge ato ahom me ayi dziƒoe la, Eliya kple Elisa wotso le Gilgal.


Eɖo ŋu bena Ebia nu sesẽ. Ne èkpɔ be, wotsɔm dzoe le gbɔwò la, ekema ava me na wò; ke ne mele alea o la, ekema mava me o.


Esime wogale nu ƒom le yiyim la, kpɔ ɖa, dzotasiaɖam kple dzosɔwo va klã woa kple eve la dome, eye Eliya to ahom me yi dziƒo.


Ke esi Elisa kpɔe la, edo ɣli be: Fofonye, fofonye! Israel ƒe tasiaɖam kple eƒe sɔdolawo! Eye megakpɔe o. Tete wòlé eƒe awuwo hedze wo ɖe akpa eve me.


Woyi tsiẽƒe abe alẽwo ene, eye ku nye wo kplɔla; ame dzɔdzɔewo nyã avuzi le wo dzi le ŋdi, eye woƒe nɔnɔme nyunyɔ, elabena tsiẽƒe zu woƒe nɔƒe.


Akplɔm le wò adaŋudede la nu, eye emegbe àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu.


Ale Yehowa gblɔ esi: Wose konyifagbe le Rama kple avifafa vevie, Raxel le fafam na viawo, eye wogbe be, womegafa akɔ na ye le ye viwo ŋuti o, le esi womegali o la ta.


„Wose ɣlidodo le Rama, avifafa kple nublanuiɣli geɖe; Raxel le fafam na viawo, eye mele lɔlɔ̃m bena, woafa akɔ na ye o, elabena womegali o.“


Eye wògblɔ nɛ bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Egbea ke nana Paradiso la me kplim.


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Ke Henox hã, amesi nye adrelia tso Adam dzi la, gblɔ nya ɖi ɖe ame mawo ŋuti bena: „Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa