Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 49:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ele fiefiẽm abe tsi ene, maganye gbãtɔ akpɔ o, elabena ede fofowò ƒe aba dzi, eye nedo ŋunyɔe gbemagbe, ẽ, nye aba dzie nede!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Ke mèdzea akɔ anyi o; èle abe ƒutsotsoe nyanyra ene; màgadze gbãtɔ azɔ o. Maɖiɖi wò, elabena ède asi srɔ̃nyewo dometɔ ɖeka ŋu, eye nèto esia me ɖi gbɔ̃m.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 49:4
11 Mawu Ofanana  

Ke esi Israel le nuto sia me la, Ruben de asi fofoa ƒe kosi Bilha ŋu, eye Israel see.


Esiawo nye Israel ƒe vi, siwo va Egipte la, ƒe ŋkɔwo, Yakob kple viaŋutsuwo. Yakob ƒe ŋgɔgbevi enye Ruben.


Israel ŋgɔgbevi Ruben ƒe viwo; elabena eya nye ŋgɔgbea, ke esi wògblẽ kɔ ɖo na fofoa ƒe aba la, wotsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye na Israel vi Yosef ƒe viwo, ke ɖeko womeŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖi abe ŋgɔgbeawo ene o.


Wose mia ŋkɔ keŋ bena, ahasiwɔwɔ le mia dome, eye ahasiwɔwɔ ma tɔgbe mele trɔ̃subɔlawo dome hã o bena, amea ɖe xɔ fofoa srɔ̃.


Amesi de asi fofoa srɔ̃ ŋu la, aɖi eŋu; elabena eklo fofo ƒe avɔ! Eye dukɔ blibo la naɖo ŋu be: Neva me nenema!


Ruben anɔ agbe, maku o, eye eƒe amewo manya xlẽ o.


eye wogblɔ bena: Yehowa, mía Mawu, na miekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe kple gãnyenye, eye miese eƒe gbe tso dzo la me; egbe miekpɔ bena, Mawu ƒo nu kple amegbetɔ tso wogale agbe.


ŋku, siwo yɔ taŋ kple ahasiwɔwɔ, eye nuvɔ̃wɔwɔ metea ŋu ɖia kɔ na wo o la, li na wo; wòblea luʋɔ, siwo meli ke o la, vaa wo ɖokui gbɔ; dzi, si ŋukeklẽ ma ŋutɔ la, li na wo, eye fiƒodeviwo wonye.


abe alesi wòƒo nu le nusiawo ŋuti le eƒe agbalẽwo katã me la ene, esiwo me nyaa ɖewo ƒe gɔmesese nye ɖo la le, nya, siwo ame masrɔ̃nuwo kple ame malikewo trɔna, abe alesi wowɔa ŋɔŋlɔ bubuawo hã hena woa ŋutɔwo ƒe gbegblẽ la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa