16 Dan aʋli eƒe dukɔ ta abe Israel to bubuwo ke ene.
16 “Dan aɖu eƒe amewo dzi abe Israel ƒe to bubu ɖe sia ɖe ene.
Tete Raxel gblɔ bena: Mawu tso afia nam, ese nye gbe, eye wòna ŋutsuvim. Eyata wòna ŋkɔe be Dan.
Esi wòkpɔ be, dzudzɔ vivina, eye eƒe anyigba dze ani la, ebi eƒe abɔ ta, be wòatsɔ agba, eye wòzu agbatetsɔla.
Dan enye da tsomɔ, dakpui le afɔmɔe dzi; eɖu sɔ ƒe afɔʋume, eye sɔdola dze anyi megbe megbee.
Emegbe Dan-viwo ƒe asaɖa la ho kple woƒe aflaga hamehame, woawo nye aʋakɔwo katã ƒe megbexeawo, eye woƒe aʋakɔ ƒe tatɔ enye Axieser, Amisadai vi.
Eye wògblɔ le Dan ŋu bena: Dan enye dzatavi, si ti kpo tso Basan.
Ɣemaɣi ŋutsua ɖe tso Zora le Dan-ƒome la me, amesi ŋkɔe nye Manoax, eye srɔ̃ tsi ko, medzi vi o.
Eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel le Filistitowo ŋɔli ƒe blave sɔŋ.