Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 48:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke fofoa gbe, eye wògblɔ bena: Menyae, vinye, menyae! Eya hã ava nye dukɔ, eye wòasẽ ŋu. Gake nɔvia ɖevitɔa asẽ ŋu awui, eye eƒe dzidzimeviwo anye dukɔ gã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Ke fofoa gbe hegblɔ nɛ be, “Vinye, menya nu si wɔm mele. Manase hã azu dukɔ gã aɖe, ke nɔvia suetɔ azu dukɔ gã wu.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 48:19
17 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, mebia nu kpli wò, eye nazu dukɔ geɖewo fofo.


Eye Yehowa gblɔ nɛ bena; Dukɔ evee le wò dɔ me, eye dukɔ eveawo amã atso wò dɔ me ke; dukɔ ɖeka asesẽ awu ɖeka, eye tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ!


Eye Isak lɔ̃a Esau, elabena adelã vivia enu; ke Rebeka ya lɔ̃a Yakob.


Eye wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, eye nakeke ta ɖe ɣetoɖoƒe, ɣedzeƒe, anyiehe kple dziehe, eye woayra anyigba dzi dukɔwo katã. Ne mia kple wò dzidzimeviwo me.


Eye wògblɔ bena: Nye enye Mawu, fofowò ƒe Mawu la. Megavɔ̃ Egipte yiyi o, elabena mana nazu dukɔ gãa ɖe le afima.


Ke Israel da eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe ta dzi, wònye eyae nye ɖevia hafi, eye wòda eƒe mia ɖe Manase ƒe ta dzi, ale wotso ga eƒe asiwò, evɔ wonye Manase enye tsitsia hafi.


Eye Yosef gblɔ na fofoa bena: Fofonye, menye nenema o; esia nye ŋgɔgbetɔ, tsɔ wò nuɖusi da ɖe eƒe ta dzi!


Eye Yehowa akplɔ Asur-fia aƒu mia kple wò dukɔ kpakple fofowò ƒe aƒe, ŋkeke, siwo meva kpo tso esime Efrayim klã ɖa le Yuda ŋu o!


Amewo tso Persia, Lud kple Put nye aʋawɔlawo nɔ wò aʋakɔwo dome; wotsɔ akpoxɔnu kple gakuku ku nu ɖe mewò, woawoe ɖo atsyɔ na wò.


Yehowa, mia Mawu, na, miedzi ɖe dzi, eye azɔ miesɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.


Edze ɖeka abe eƒe nyitsu ŋgɔgbea ene, eye eƒe dzowo le abe to ƒe dzowo ene. Woawo wòtsɔ tu dukɔwo ƒu anyi vaseɖe anyigba seƒewo ke. Esiawo nye Efrayim ƒe ame akpe nanewo kple Manase ƒe ame akpeawo.


le Aser ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Naftali ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Manase ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu;


le Zebulon ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Yosef ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu; le Benyamin ƒe toa me la wotre ame akpe wuieve nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa