Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 47:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Yakob ɖo ŋu na Farao bena: Ƒe, siwo katã metsɔ zɔ mɔe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃. Nye agbenɔƒewo mesɔ gbɔ o, eye mekpe hiã geɖe le wo me, eye mede tɔgbuinyewo ƒe ƒe, siwo wotsɔ zɔ mɔe la nu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Yakob ɖo eŋu be, “Mexɔ ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃, meto nu sesẽ geɖewo me, eye nyemetsi abe fofonyewo ene haɖe o.”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 47:9
29 Mawu Ofanana  

Esi Sem dzi Arpaxsad megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃, eye wòdzi ŋutsuwo kple nyɔnuwo.


Eye Isak ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blanyi.


Yakob nɔ Egipte-nyigba dzi ƒe wuiadre, eye Yakob ƒe agbe me ŋkekewo nye ƒe alafa ɖeka kple blane vɔ adre.


Eye Farao bia Yakob bena: Ƒe nenie nèxɔ?


Eye Metusala ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaade vɔ asieke, eye wòku.


Esi Yosef xa ƒe alafa ɖeka kple ewo la, eku, eye wòsi atike nɛ hetsɔe de aɖaka me le Egipte.


Elabena amedzrowo míenye le ŋkuwò me, eye amegbɔmewo míenye abe mía fofowo katã ene; míaƒe ŋkeke le abe vɔvɔli ene le anyigba dzi, eye mɔkpɔkpɔ mele eŋu o.


Amegbetɔ nyanu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.


Amedzroe menye le anyigba dzi; megaɣla wò se la ɖem o!


Wò ɖoɖoanyiwo nye hadzidzi nam le aƒe, si me menye amedzro le.


Ne ètsɔ tohehe ka mo na amegbetɔa ɖe le eƒe vodada ta la, ekema eƒe nyonyo dome agblẽ, abe agbagblaʋui ye ɖui ene. Vavãe, ƒuƒu ko amegbetɔwo katã nye! Sela.


Yehowa, se nye gbedodoɖa, nye ɣlidodo nede to me na wò, eye megazi kpi kpɔ nye aɖatsiwo o, elabena amedzro menye le gbɔwò, eye amegbɔme menye abe fofonyewo katã ene.


Yehowa, na manya nye nuwuwu kple alesi nye ŋkekewo ƒe dzidzeme le; na madze si ɣesiɣi nunye ava yi!


Mebia nu kpli wo be, matsɔ Kanaan-nyigba, si dzi wonye amedzrowo le la, ana wo wòanye wo tɔ.


Mose xɔ ƒe blanyi, eye Aron xɔ ƒe blanyi vɔ etɔ̃, esime woƒo nu kple Farao.


Eyata dzi le mía ƒo ɖaasi, eye míenyae bena, ne míele aƒe le ŋutilã me la, míeɖo aƒe le Aƒetɔ la gbɔ haɖe o. —


Mose xɔ ƒe alafa ɖeka blave hafi ku; ke eƒe ŋkuwo metsi o, eye agbe gale eŋu.


Elabena ɖu, si nɔa anyi la, mele mia si le afisia o, ke boŋ miele ɖu, si gbɔna la dim.


Gake mienya nusi ava dzɔ etsɔ o; elabena nukae nye miaƒe agbe mahã? Elabena dzudzɔ, si dzena ɣeyiɣi kpuia ɖe, eye emegbe la megadzena o la, ke míenye.


Nya siawo megbe la Yehowa ƒe dɔla Yosua. Nun vi, amesi xɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo la ku,


Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple mɔzɔlawo ene be, miade mia dokui ɖa atso ŋutilã nudzodzro, siwo wɔa aʋa ɖe luʋɔ ŋuti la gbɔ,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa