Tete Yoab bɔbɔ heɖe ta agu, eye wòyra fia la. Eye Yoab gblɔ bena: Nye aƒetɔ fia, egbe wò dɔla dze sii bene, ève wò dɔla nu, esi fia ta wɔ eƒe dɔla ƒe nya dzi ta.
Toi do via Yoram ɖe fia Dawid, ne wòado gbe nɛ, woadi dzɔgbenyuie ne, eye wõayrae le esi wòwɔ aʋa kple Hadadezer, eye wòsii la ta, elabena Toi kple Hadadezer wole kè me; eye wòhe klosalonuwo, sikanuwo kple akɔblinuwo ɖe asi vɛ.
eye fia la ƒe dɔlawo hã yi, be yewoayra míaƒe aƒetɔ fia Dawid gblɔ bena: Wò Mawu ana Salomo ƒe ŋkɔ nade du wu wò ŋkɔ, eye eƒe fiazikpui naƒo wò fiazikpui ta! Tete fia la bɔbɔ ɖe aba dzi.
Le ŋkeke enyiagbe la edo mɔ dukɔ la, woyra fia la, eye woyi woƒe agbadɔwo me kple dzidzɔ, eye woƒe dzi dze eme le nu nyui, siwo katã Yehowa wo na eƒe dɔla Dawid kple eƒe dukɔ Israel la ŋuti.
Tete wògblɔ na Gexazi bena: Bla wò ali dzi, eye natsɔ nye atikplɔ ɖe asi ayi. Ne èdo go amea ɖe la, megado gbe nɛ o, eye ne amea ɖe do gbe na wò la, megalɔ̃ nɛ o, eye natsɔ nye atikplɔ la ada ɖe ŋutsuvi la ƒe mo.
Eye esi wòtsɔ abolo ɖe asi la, eda akpe ɖe edzi, eye wòŋe eme hetsɔe na wo gblɔ bena: Esiae nye nye ŋutilã, si wona le mia ta: miwɔ esia hena ŋkuɖoɖo dzinye.