Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 47:30 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 ke boŋ naɖim ɖe tɔgbuinyewo gbɔ, eye natsɔm atso Egipte aɖaɖi ɖe woƒe yɔdo me. Tete wòɖo ŋu bena: Mawɔe, abe alesi nèdi ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

30 Ne meku la, tsɔm dzoe le Egipte, eye nàɖim ɖe tɔgbuinyewo xa.” Yosef ka atam sia.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 47:30
16 Mawu Ofanana  

Ke wò la ayi ɖe tɔgbuiwòwo gbɔ le ŋutifafa me, eye àku amegã belibeli hafi àku.


Ale Efron ƒe agble, si le Maxpela le Mamre kasa, agble la kple kpeto, si le eme, kple ati, siwo katã le agblea me godoo la,


Esia megbe la Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto, si le Maxpela-gblea me la me le Mamre kasa; esia enye Hebron le Kanaan-nyigba dzi.


Le agble, si Abraham ƒle le Xitiviwo si la me woɖi Abraham kple srɔ̃a Sara ɖo.


Eye via Isak kple Ismael woɖii ɖe Maxpela-kpeto la me, le Xititɔ Efron, Zoxarvi ƒe agble, si le Mamre kasa la me.


Eye Isak ku amegã ɖeɖi, eye agbenɔnɔ tii, hafi woku, eye wòyi ɖe tɔgbuiawo gbɔ Eye via Esau kple Yakob woɖu.


Tete Yosef na Israel ƒe viwo ka atam, eye wògblɔ bena: Ne Mawu aɖo ŋku mia dzi la, ekema mitso nye ƒuwo hã tso afisia yii!


Ɖeko wò dɔla be, yeakplɔ fia la atso Yordan ʋee. Nukaŋuti fia la be, yeaɖo eteƒe nam ale?


Eye wokɔ Asahel ɖaɖi de fofoa ɖiƒe le Betlexem; eye Yoab kple eƒe amewo zɔ zã blibo la, eye ŋu ke de wo le Xebron.


ke boŋ netrɔ, eye nèɖu abolo heno tsi le teƒe, si ŋuti wogblɔ le na wò be, megaɖu abolo, eye megano tsi o la, eyata wò kukua made fofowòwo ƒe yɔdo me o.


eye meɖo ŋu na fia la bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Nukaŋuti nyemaɖo adã o, esi du, si nye fofonyewo, ɖiƒe la, zu aƒedo, eye dzo fiã eƒe agbowo la?


eye meɖo ŋu na fia la bena: Ne edze fia ŋu, eye wò dɔla ƒe nu nyo ŋuwò la, ekema ɖom ɖe fofonyewo ƒe ɖiƒedu la me le Yuda, na magatsoe.


Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Kpɔ ɖa, ne èmlɔ tɔgbuiwòwo gbɔ la, ekema dukɔ sia atso adze anyigba, si dzi yim wole la, ƒe mawuwo yome, woagblẽm ɖi, eye woatu nu, si mebia kpli wo la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa