1 Mose 47:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191315 Ke esi ga megale Egipte kple Kanaan-nyigba dzi o la, Egiptetɔwo katã va Yosef gbɔ, eye wogblɔ bena. Na nuɖuɖu mi, nukaŋuti míaku ɖe gbɔwò? Elabena ga vɔ! Onani mutuwoAgbenya La15 Azɔ ga vɔ keŋkeŋ le ameawo si, gake wogava Yosef gbɔ kple kukuɖeɖe be wòagana nuɖuɖu yewo. Wogblɔ nɛ be, “Míaƒe ga vɔ keŋkeŋ, gake na nuɖuɖu mí, elabena mele be míaku o.” Onani mutuwo |