Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 46:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Tete Yakob dze mɔ tso Berseba, eye Israel ƒe viŋutsuwo tsɔ wo fofo Yakob kple wo viwo kple wo srɔ̃wo de tasiaɖam, siwo Farao ɖo ɖa la me, be woakplɔ wo ayii.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Ale Yakob dzo le Beerseba, eye Israel ƒe viwo kɔe kple wo viwo kpakple wo srɔ̃wo ɖe tasiaɖam siwo Farao na wo la me yi Egipte.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 46:5
9 Mawu Ofanana  

Eye Abraham fɔ ŋdi kanya tso abolo, eye woku tsi ɖe lãgbalẽgolo me taŋ, eye wotsɔ ɖevi la kple nu mawo ɖo abɔta na Hagar hedo mɔ wo. Ke esi wole yiyim la, wova tra mɔ le Beer-Seba gbe dzi.


Ke wò la, gblɔ nusi woawɔ la na wo! Mitsɔ tasiaɖamwo tso Egipte-nyigba dzi ɖe asi hena mia viwo kple mia srɔ̃wo, eye mina mia fofo hã naɖoe ava.


Eye Israel viwo wɔ nenema, eye Yosef tsɔ tasiaɖamwo na wo le Farao ƒe nya la nu, eye wòna mɔ dzi nuɖuɖu hã wo.


Ke esi wogblɔ nya, siwo katã Yosef gblɔ na wo la, nɛ, eye wòkpɔ tasiaɖam, siwo Yosef ɖo ɖee, be woaɖo ava la, wo fofo Yakob ƒe dzi gaɖo me.


Eye Farao yɔ Mose vɛ gblɔ bena: Miheyi ɖasubɔ Yehowa la! Miaƒe alẽwo kple nyiwo natsi anyi, ke mia vi suewo nayi kpli mi.


Ke míakplɔ míaƒe lãwo hã ɖe asi, afɔkli gɔ̃ hã matsi anyi o; elabena woawo ƒe ɖe tsa ge míala asubɔ Yehowa, mia Mawu lae. Mienyã nusi tso ge míala asubɔ Yehowa haɖe o, vaseɖe esime míaɖo afima hafi.


Eye Yakob dzo yi Egipte, eye woku, eya ŋuta kple mía fofoawo;


Esi Yakob va Egipte la, mia fofowo ɖo ɣli na Yehowa, eye Yehowa ɖɔ Mose kple Aron ɖa wokplɔ mia fofowo tso Egipte, eye wona nɔƒe wo ɖe teƒe sia.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa