Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 45:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye nanɔ Gosen-nyigba dzi, ate ɖe ŋunye, wò ŋutɔ, viwòŋutsuwo kple wò tɔgbuiyɔviwo, wò alẽwo kple nyiwo kpakple nusiwo katã le asiwò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Ànɔ Gosen ƒe anyigba dzi, ale be wò kple viwòwo katã, wò tɔgbuiyɔviwo, wò lãwo kple nu siwo katã le asiwò la, miate ɖe ŋunye.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 45:10
12 Mawu Ofanana  

ekema miaɖo ŋu bena: lãnyilawo wò dɔlawo nye tso ɖevime vaseɖe fifi abe mía tɔgbuiwo ke ene, bena wòaɖe mɔ na mi mianɔ Gosen-nyigba la dzi. Elabena Egiptetɔwo nyoa ŋu lãnyilawo.


Tete Yosef yi ɖagblɔ na Farao bena: Fofonye kple nɔvinyewo tso Kanaan-nyigba dzi va kple woƒe alẽwo, nyiwo kpakple nusianu, si le wo si la, eye wole Gosen-nyigba dzi.


Eye Yosef tsɔ nuɖuɖu kpɔ fofoa, nɔviawo kple fofoa ƒemetɔwo katã dzi, amesiame kple evia.


Eye wogblɔ na Farao bena: Amedzrowo míenye va afisia na ge; elabena gbe megali na wò dɔlawo ƒe lãwo o, eye dɔwuame nu sẽ ŋutɔ le Kanaan-nyigba dzi. Eyata miede kuku, na wò dolawo nano Gosen-nyigba dzi.


Egipte-nyigba la enye si, na bena woano teƒe nyuitɔ, na fofowò kple nɔviwòwo nanɔ Gosen-nyigba la dzi Eye ne ekpa bena, ame zãzɛwo le wo dome la, ekema natsɔ nye lãhawo ade wo si.


Elabena Yudatɔ Mardoxai enye evelia kplɔ fia Axasweros ɖo, exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome, eye nɔvia gbogboawo lɔ̃ eƒe nya; edi nyui na eƒe dukɔ, eye wòƒo nu na edeviwo katã ƒe nyonyo.


Mose ɖo ŋu bena: Menyo bena, míawɔ nenema o, elabena nusi nyɔa ŋu na Egiptetɔwo la, tsɔ ge míala asa vɔ na Yehowa, mía Mawu la. Azɔ ne mietsɔ nusi nyɔa ŋu na Egiptetɔwo le woƒe ŋku me la, ɖe womaƒu kpe mí oa?


Negbe Gosen-nyigba, si dzi Israel-viwo le ko, dzi kpetsia ɖeke mede o.


Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.


Eye Yosef do woɖayɔ fofoa Yakob kple eƒome la katã, wole luʋɔ blaadre vɔ atɔ̃ la, vɛ ne.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa