21 Eye nègblɔ na wò dɔlawo bena: mikplɔe vɛ nam, ne makpɔ.
21 Ègblɔ na mí be, ‘Mikplɔe va afi sia be makpɔe ɖa.’
Esia matsɔ ado mi akpɔe: Mefa Farao be, miadzo le afisia akpɔ o, negbe mia nɔvi ɖevitɔ la koe ava hafi!
Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ vɛ nam, ekema miaƒe nyawo anye nyateƒe, eye miagaku o. Tete wowɔ nenema.
Eye ne wodze woƒe futɔwo ŋgɔ yi aboyo me la, madɔ yi woawu wo le afima; matso nye ŋku aɖo wo ŋu ɖe vɔ̃ me, eye menye ɖe nyui me o.
Azɔ kpɔ ɖa, meɖe ga le wò alɔ ŋu egbe; ne edze ŋuwò nèbe, yeayi Babel kplim la, va miyi, eye nye ŋku anɔ ŋuwò; ke ne medze ŋuwò be, nayi Babel kplim o la, ekema nɔ anyi; kpɔ ɖa, anyigba blibo la le ŋkuwò me, afisi nyo ŋuwò nebe, yeayi la, yi gama.
Matsɔ nye ŋku aɖo wo ŋu hena nyuiwɔwɔ, eye mana woatrɔ agba va anyigba sia dzi, matu wo, eye nyemagbã wo o, mado wo, eye nyemaho wo o.
Esi wòfɔ kɔ dzi kpɔ dadavia Benyamin la, ebia bena: Esia nye mia nɔvi ɖevitɔ, si ŋu mieƒo nu le nam mahã? Eye wõgblɔ be: Mawu nayra wò, vinye!
Mieɖo ŋu na nye aƒetɔ bena: Ɖevi la mate ŋu agblẽ fofoa ɖi o, ne egblẽe ɖi la, ekema fofoa aku.