Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 43:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Yuda gblɔ na fofoa Israel bena: Ɖe asi le ɖevi la ŋuti nam, bene míadze mɔ ayi, ne míatsi agbe, eye mía ŋutɔwo, wò ŋutɔ kple mía nɔviwo míagaku o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Yuda gblɔ na fofoa Israel be, “Ɖe asi le ɖevi la ŋu nam ne míadze mɔ; ne menye nenema o la, dɔ awu mí katã míaku, menye míawo ɖeɖe koe aku o: wò ŋutɔ hã kple mía vi suewo siaa aku.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 43:8
14 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Mesee vavã bena, bli le Egipte; miyi ne míaƒle bli le afima na mí, bena míatsi agbe, eye miagaku o!


Eɖo ŋu bena: Vinye la mayi kple mi o, elabena nɔvia ku, eye eya ɖeka koe susɔ ɖi. Ne dzɔgbevɔ̃ea ɖe adzɔ ɖe edzi le mɔ dzi la, ekema miawoe na nye amegã wɔtamee sia metsɔ konyifafa yi tsiẽƒee.


Míegblɔ na nye aƒetɔ bena: fofo gale mia si, si ku amegã ɖeɖi, eye wodzi dɔmlɔea nɛ le eƒe amegãkuku me. Ke dadavia ku, eye eya ɖeka koe susɔ na dada, eye fofoa lɔ̃nɛ.


Ke mieɖo ŋu bena: Míate ŋui o! Ne mia nɔvi ɖevitɔ le eme la, eya ko míayi. Elabena miate ŋu ado ɖe ŋutsu la ƒe ŋku me o, ne mia nɔvi ɖevitɔ mele mía me o.


Ke wò la, gblɔ nusi woawɔ la na wo! Mitsɔ tasiaɖamwo tso Egipte-nyigba dzi ɖe asi hena mia viwo kple mia srɔ̃wo, eye mina mia fofo hã naɖoe ava.


Eyata migavɔ̃ o, manyi mia kple mia viwo siaa! Ale wòfa ako na wo, eye wòde dzi ƒo na wo.


Eye Yosef ƒemetɔwo katã, nɔviawo, kple fofoa ƒemetɔwo katã yi kplii; negbe wo viwo, woƒe alẽwo kple nyiwo ko wogblẽ ɖe Gosen-nyigba la dzi.


Eye eƒe dɔlawo dometɔ ɖeka xɔ edzi gblɔ bena: Na woaɖe sɔ alɔ̃ tso sɔ, siwo kpɔtɔ ɖe dua me la me, ɖewohĩ ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si kpɔtɔ la ene, alo ava me na wo abe Israel ƒe ameha blibo, si ku la ene; eye na míadɔ ame woaɖakpɔe ɖa.


Ne miehe, miayi dua me la ekema miaku ɖe afima, elabena dɔwuame le dua me; eye ne míetsi afisia hã, kuku ge míala. Eyata mina miayi Aramtɔwo ƒe asaɖa me aɖabu aka na wo! Ne wona míetsi agbe la, ekema míetsi agbe; ne wowu mí la, ekema ɖe mieku.


Tete mede gbe ƒã le Ahawatɔsisi la nu be, woatsi nu adɔ, ne míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le mía Mawu ŋku me, eye míabia afɔ nyui tsɔtsɔ tso esi na mía ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe kesinɔnuwo katã.


Nyemaku o, ke boŋ mana agbe axlẽ Yehowa ƒe ɖówɔwɔwo afia.


Bu fofowò kple dawo, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si Yehowa, wò Mawu, ana wò la dzi.


Ke makplɔ mia vi, siwo ŋu miegblɔ le be, woazu aboyonu la, ayi edzi, bena woakpɔ anyigba, si miedo vloe la.


Ruben anɔ agbe, maku o, eye eƒe amewo manya xlẽ o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa