Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 43:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Eɖo ŋu na wo bena: Miaƒe dzi nedze eme, migavɔ̃ o. Miaƒe Mawu kple mia fofo ƒe Mawu la tsɔ kesinɔnu ɖe miaƒe kotokuawo mele adza me. Miaƒe ga la su asinye. Tete wòkplɔ Simeon do go va wo gbɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Aƒedzikpɔla la gblɔ na wo be, “Migatsi dzi ɖe eŋu o; miaƒe Mawu, ɛ̃, mia fofowo ƒe Mawu ŋutɔe anya tsɔ ga la de miaƒe kotokuawo me, elabena míawo míexɔ ga la le mia si pɛpɛpɛ.” Eɖe Simeon le gaxɔ me, eye wòkplɔe va nɔviawo gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 43:23
17 Mawu Ofanana  

Tete wòtrɔ dzo le wo gbɔ ɖade asi avifafa me, emegbe egatrɔ va wo gbɔ heƒo nu kple wo, eye wòlé Simeon le wo dome hebla le wo katã ŋku me.


Eye wògblɔ na nɔviawo bena: Kpɔ ɖa, wogagbugbɔ nye ga nam, eya enye si le nye kotokua me! Tete wolulu, eye wodzo nyanyanya kpo wo nɔewo hegblɔ bena: Nuka enye si Mawu wo ɖe mia ŋu?


Tete wo fofo Yakob gblɔ na wo bena: Vinyewo ko ɖem miele le ŋunye! Yosef meli o, eye Simeon hã meli o, eye miele didim be, miagaxɔ Benyamin hã! Dzinye koe nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖo!


Mawu ŋusẽkatãtɔ la ana bena, ŋutsu la nave mia nu, eye woaɖe asi le mia nɔvi la kple Benyamin ŋuti na mi. Ke ne vinyewo le bubum hã, ne wònɔ bubum ko dzro.


Míegatsɔ ga bubu ɖe asi vɛ, be míaƒle bli lae, ke mienyã amesi tso ga la ɖe míaƒe kotokuawo me o.


Tete gbɔgbɔ la dze Amasai, si nye ame blaetɔ̃awo ƒe tatɔ la dzi wògblɔ bena: Dawid, tɔwò míenye; Isai vi, dziwò míele! Ŋutifafa, ŋutifafa enye tɔwò, eye ŋutifafa nye amesi xɔ na wò la ta, elabena Yehowa, wò Mawu la, xa na wò! Tete Dawid xɔ wo, eye wòtsɔ wo ɖo tatɔwo ɖe aʋakɔwo nu.


Eye amea ɖewo tso Manase va Dawid gbɔ, esime eya kple Filistitɔwo ho aʋa ɖe Saul ŋu; ke mekpe ɖe wo ŋu o, elabena Filistitɔwo ƒe amegãwo bu lãme, eye woɖe asi le eŋu, elabena wobu be: ne edzo ɖade eƒe aƒetɔ dzi la, ekema míaƒe ta enye ekem tsi asi!


Tete fia la ɖo du ɖe adaŋumegã Rexum kple agbalẽŋlɔla Simsai kpakple wo nɔvi bubu, siwo le Samaria kple anyigba bubuwo dzi le tɔsisi la ƒe go keme dzi la bena: Ŋutifafa na mi! kple nya bubuwo.


Eye aƒe, si ke me miayi ɖo la, gbã migblɔ bena: Ŋutifafa na aƒe sia!


Ke esi wole nu ƒom le nusiawo ŋuti la, eya ŋutɔ tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi!


Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!


Azɔ esi kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ma ƒe fiẽsi ɖo, eye afisi nusiawo le la ƒe ʋɔtru le tutu le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta la, Yesu va tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi!


Tete Yesu gagblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi! Sigbe alesi Fofo la dom ɖa ene la, nenema ke nye hã mele mia dɔm ɖa.


Eye le ŋkeke enyi megbe la nusrɔ̃lawo gale xa ma me, eye Toma le wo dome. Yesu va, eye ʋɔtruawo le tutu, eye wòle tsitre ɖe wo titina, eye wògblɔ bena: Ŋutifafa na mi!


Tete ame tsitsi la gblɔ nɛ bena: Ŋutifafa na wò! Ne nane le hiãwòm la, ekpo ɖe asinye; ɖeko mele ablɔ me ya tsi ge adɔ o!


Ke Yehowa gblɔ nɛ bena: Ŋuwo nafa, megavɔ̃ o, mele kuku ge o!


eye migblɔ na nɔvinye la bena: Edɔa, aƒewòmetɔwo dɔa, wò nuwo katã dɔa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa