Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 43:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Ke esi mieɖo dzeƒe, eye mietu míaƒe kotokuawo la, amesiame gakpɔ eƒe ga blibo la le eƒe bli dzi le kotokua me; kpɔ ɖa, míegatsɔe ɖe asi vɛ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 eye esi míetrɔ yina aƒe la, míetsi afi aɖe dɔ, eye míeʋu míaƒe kotokuwo nu. Kasia míekpɔ be ga si míexe ɖe blia ta la le míaƒe kotokuawo me. Ga lae nye esi míetrɔ vɛ,

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 43:21
12 Mawu Ofanana  

Migatsɔ ga bubu ɖe asi hekpe ɖe ga, siwo miekpɔ le blia dzi le kotokuawo me la ŋuti. Ɖewohi ɖe woɖe ŋu ɖi.


Tete ŋutsuawo tsɔ nunanaawo kple ga bubu ɖe asi, eye wokplɔ Benyamin hã hedze mo yi Egipte, eye wova Yosef gbɔ.


Taflatse, mia aƒetɔ, mieva afi sia zi gbãtɔ va ƒle bli.


Míegatsɔ ga bubu ɖe asi vɛ, be míaƒle bli lae, ke mienyã amesi tso ga la ɖe míaƒe kotokuawo me o.


Ga, si miekpɔ le miaƒe kotokuawo mele blia dzi la, míegatsɔ wo tso Kanaan-nyigba dzi vɛ na wò, aleke awɔ míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒe me mahã?


Migabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o! Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na amea ɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me;


Miganyi naneke ƒe fe le amea ɖeke si o, negbe mía nɔewo lɔlɔ̃ ƒe fe ko; elabena amesi ke le ame bubu lɔm la, ewu se la nu.


Mido gbe ɖa ɖe mia ta; elabena míenya le mía ɖokui me bena, dzitsinya nyui le mia si, le esi míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me la ŋuti.


Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena eya ŋutɔ gblɔ be: „Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpa o.“


eye miaƒe anyinɔnɔ le trɔ̃subɔlawo dome nanɔ nyuie, bene nusi ta wogblɔ nya ɖe mia ŋuti ɖo abe vɔ̃wɔlawo ene la, le miaƒe dɔ nyui wɔwɔ, siwo wodze si azɔ ŋuti la, woakafu Mawu le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.


esi dzitsinya nyui le mia si, bene nusi me wogbɔ nya vɔ̃ de mia ŋuti le abe vɔ̃wɔlawo ene la, woado ŋukpe amesiwo do vlo miaƒe agbenɔnɔ nyui, si le Kristo me la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa