Ke esi wòle tɔtrɔm la, ŋutsuawo lé eya kple srɔ̃a kpakple vianyɔnu eveawo ƒe alɔnu hekplɔ wo do goe, eye woɖe asi le wo ŋu ɖe du la godo; elabena Yehowa ve woawo nu.
Tete wo fofo Israel gblɔ na wo bena: Ne ele alea la, ekema miwɔ ale: Mitsɔ anyigba dzi nu vevia ɖewo de miaƒe kotokuwo me yi ɖana ŋutsu la: lifi kple anyitsi via ɖe, ami ʋeʋẽ, kotoklobo, ayedee kple newo.