Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 42:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Tete wo fofo Yakob gblɔ na wo bena: Vinyewo ko ɖem miele le ŋunye! Yosef meli o, eye Simeon hã meli o, eye miele didim be, miagaxɔ Benyamin hã! Dzinye koe nu siawo katã le dzɔdzɔm ɖo!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

36 Tete Yakob do ɣli be, “Miena vinyewo le bubum ɖem. Yosef metrɔ gbɔ o; Simeon hã yi, eye azɔ miedi be yewoakplɔ Benyamin hã ayii! Nu sia nu tsi tsitre ɖe ŋunye!”

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 42:36
21 Mawu Ofanana  

Ruben gblɔ na fofoa bena. Ne nyemegakplɔe vɛ na wò o la, ekema nawu nye ŋutsuvi eveawo! Tsɔe de asi nam ko, eye magakplɔe vɛ na wò!


Mawu ŋusẽkatãtɔ la ana bena, ŋutsu la nave mia nu, eye woaɖe asi le mia nɔvi la kple Benyamin ŋuti na mi. Ke ne vinyewo le bubum hã, ne wònɔ bubum ko dzro.


Eye wòde asi edidi me, dze egɔme tso xoxoetɔ dzi va wu enu ɖe ɖevitɔ dzi, eye wòkpɔ kplu la le Benyamin ƒe kotoku me.


Eye Israel gblɔ bena: Esɔ gbɔ be, vinye Yosef gale agbe! Mayi aɖakpɔe ɖa hafi aku!


Eye Yosef tsɔ nuɖuɖu kpɔ fofoa, nɔviawo kple fofoa ƒemetɔwo katã dzi, amesiame kple evia.


Mibu eme kpɔ, ƒuƒu enye nye agbe, eye nye ŋku magakpɔ dzɔgbenyule o.


Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu le gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.


Nu ƒe nuwuwu nyo wu eƒe gɔmedzedze; dzigbɔɖitɔ nyo wu ɖaɖala.


Eyata alea ko woawɔ hafi atsɔ Yakob ƒe vodadawo akee, eye esia katã anye eƒe nuvowo ɖeɖeɖa ƒe kutsetse: be wòƒo vɔsamlekpui ƒe kpewo katã abe akalokpe gbagbã ene, eye Asera kple ɣelegbawo maganɔ anyi o.


Megblɔ be, mage ɖe tsieƒe ƒe agbowo me le nye ŋkekewo ƒe gbɔɖemeɣi; woda adzo nye ƒe susɔea le asinye!


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Ale Yehowa gblɔ esi: Wose konyifagbe le Rama kple avifafa vevie, Raxel le fafam na viawo, eye wogbe be, womegafa akɔ na ye le ye viwo ŋuti o, le esi womegali o la ta.


Eye Yesu do abɔ ɖa enumake, eye wòlée hegblɔ nɛ bena: Wò xɔseʋeetɔ, nukaŋuti nèke ɖi mahã?


Ke mienyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu.


Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?


Tetekpɔa ɖeke meva mia dzi kpɔ o negbe ame tɔ ɖeɖeko, gake nuteƒewɔla enye Mawu, amesi mana mɔ bena, woate mi akpɔ awu alesi miate ŋui la o; ke ana gododo le eme hã akpe ɖe tetekpɔ ŋuti, bene miate ŋu atsɔe.


Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí,


Ke Dawid gblɔ le eƒe dzi me bena: Gbe ɖeka ko mele Saul si me tsi ge; anyo nam wu, ne mesi yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, ekema Saul atasi nye nya, eye magadim le Israel-nyigba blibo la dzi azɔ o, eye mage le esi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa