Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 42:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ne mietoa nyateƒe la, ekema mina mia nɔvi ɖeka natsi ga me, ke mi mamleawo mitsɔ blia yi na mia ƒometɔwo, bena woatsɔ atsi dɔwuamea nui.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Metsɔe be mienye nuteƒewɔlawo; mia dometɔ ɖeka koe atsi gaxɔ me le afi sia; ame bubuawo atsɔ bli ayi mia de na miaƒe ƒometɔwo.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 42:19
13 Mawu Ofanana  

Eye wotsɔ wo de gaxɔ, si le fia ŋuti mewo ƒe amegã ƒe xɔ, si me wode Yosef hãe la me.


Eye esi ɖɔ to le afiawo katã la, Yosef ʋu blivawo katã, eye wòdzra blia na Egiptetɔwo. Eye dɔ la nu le sesẽm ɖe dzi le Egipte-nyigba la dzi.


Mí katã ŋutsu ɖeka viwo míenye, eye nyateƒetɔwo míenye: wò dɔlawo menye ŋkutsalawo o.


Le ŋkeke etɔ̃agbe la Yosef gblɔ na wo bena: Miwɔ esia, ne míatsi agbe, elabena mevɔ̃a Mawu.


Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ vɛ nam, ekema miaƒe nyawo anye nyateƒe, eye miagaku o. Tete wowɔ nenema.


Tete wotsɔ bliawo ɖo woƒe tedziwo dzi, eye wodze mɔ tso afima.


Tete ŋutsu, si enye anyigba dzi ɖula la, gblɔ na mí bena: Esia me madze sii ale bena, nyateƒetɔwo míenye: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye, ke mi ame mamleawo mitso bli yi na mia ƒomeawo, bena woatsi dɔwuame nui.


Eye wòɖo tedzi ewo, siwo tsɔ Egipte-nu veviwo kple tedzinɔ ewo, siwo tsɔ bli kple abolo kple mɔ dzi nuɖuɖu, ɖe fofoa.


ke dukɔ, si woha, eye woda adzoe la wonye, mɔ̃ ɖe wo katã le do me, eye woɣla ɖe gaxɔ me; woɖe aboyo wo, ke amea ɖeke mexɔ wo o, woha wo, ke amea ɖeke megblɔ be: Migbugbɔ wo vɛ o.


ne naʋu ŋku na ŋkuagbãtɔwo, eye naɖe amesiwo wode gae la, tso ga me, kple amesiwo bɔbɔ no viviti me la, tso gaxɔ me.


Tete amegãwo do dɔmedzoe ɖe Yeremya ŋu, eye woƒoe hetsɔe de gaxɔ me ɖe agbalẽŋlɔla, Yonatan ƒe xɔ, si wotsɔ wɔ gaxɔe la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa