Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 42:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Le ŋkeke etɔ̃agbe la Yosef gblɔ na wo bena: Miwɔ esia, ne míatsi agbe, elabena mevɔ̃a Mawu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Yosef gblɔ na wo be, “Mawuvɔ̃lae menye. Mana mɔnukpɔkpɔ mi be miana nyateƒe la nadze.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 42:18
12 Mawu Ofanana  

Abraham gblɔ bena: Mebu be, afisiatɔwo manya vɔ̃a Mawu o, eye woawum le srɔ̃nye ta mahi.


Amea ɖeke meɖe nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?


Ne mietoa nyateƒe la, ekema mina mia nɔvi ɖeka natsi ga me, ke mi mamleawo mitsɔ blia yi na mia ƒometɔwo, bena woatsɔ atsi dɔwuamea nui.


Anyigba dzi kpɔla tsãtó, siwo nɔ ŋgɔnye la, do agba na dukɔ la, eye woxɔa abolo kple wein wòwu klosalo sekel blane le wo si gbesiagbe, eye woƒe ɖekakpuiwo hã se ŋuta le dukɔ la ŋu; ke nye la nyemewɔ alea o, le vɔvɔ̃ na Mawu ta.


Tete megblɔ bena: Nusi wɔm miele la, menye o, Esi dukɔ, siwo nye míaƒe futɔwo, le alɔme ɖem le mía ŋu la, ɖe míagbe zɔzɔ le mía Mawu la vɔvɔ̃ mea?


Ŋutsua ɖe nɔ Uz-nyigba dzi, si ŋkɔ nye Hiob. Ŋutsu sia nye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.


Ke vixelawo vɔ̃ Mawu, eye womewɔ se, si Egipte-fia de na wo la dzi o, boŋ wona ŋutsuviawo nɔ agbe.


Tia ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã, eye naɖo wo amegãwoe, amea ɖewo ɖe ame akpe nu, amea ɖewo ɖe ame alafa nu, amea ɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu, eye amea ɖewo ɖe ame ewo nu,


Migatafa mia nɔewo o, ke boŋ navɔ̃ wò Mawu la; elabena nyee nye Yehowa, mia Mawu.


Megaɖu edzi kple sesẽ o, ke boŋ nayɔ wò Mawu la.


gblɔ bena: ʋɔnudrɔ̃laa ɖe nɔ dua ɖe me, amesi mevɔ̃a Mawu o, eye mesia ame hã o.


Eye melɔ̃ o eteƒe didi; ke esiawo megbe la egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Esi nyemevɔ̃a Mawu o, eye nyemesia ame hã o la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa