Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




1 Mose 42:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Esia matsɔ ado mi akpɔe: Mefa Farao be, miadzo le afisia akpɔ o, negbe mia nɔvi ɖevitɔ la koe ava hafi!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Mɔ si dzi mato ado miaƒe nya la ƒe nyateƒenyenye kpɔe nye esi: meta Farao ƒe agbe na mi be miadzo le Egipte akpɔ o va se ɖe esime mia nɔvi suetɔ nava afi sia.

Onani mutuwo Koperani




1 Mose 42:15
19 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu na wo bena: Kpao, mɔnu ɖi ge mieva le anyigba la ŋu!


Eye Yosef xɔ dzi na wo bena: Ele me kokoko bena, ŋkutsalawo míenye!


Mido mia dometɔ ɖeka ɖa, be wòakplɔ mia nɔvi la vɛ, ke malé mi ame mamleawo ade ga. Esia me mado mi akpɔ le be, ɖe mietoa nyateƒe loo; ke ne mele nenem o la, meta Farao bena, ŋkutsalawo míenye.


Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ vɛ nam, ekema miaƒe nyawo anye nyateƒe, eye miagaku o. Tete wowɔ nenema.


Ŋutsu, si enye anyigba dzi ɖula la, he nya sesẽ kple mí, eye wobu mí ŋkutsalawoe.


Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ la vɛ nam, ne manyae bena, menye ŋkutsalawo mienye o, ke boŋ nyateƒetɔwo míenye. Emegbe maɖe asi le mia nɔvi la ŋu na mi, eye miatsa le anyigba la dzi faa.


Yosef lé ŋku ɖe wo ŋu, eye wòdze si wo. Ke etrɔ eɖokui ame bubui ɖe wo, eye wòhe nya sesẽ kple wo bia wo bena: Afika mietso? Woɖo ŋu bena: Kanaan-nyigba dzi mietso va bli ƒle ge.


Yuda gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la ka ɖe dzi na mí bena: ne miekplɔ mia nɔvi vɛ o la, ekema migava ye ŋku me o.


Ke ne mèlɔ̃ ɖe asi le eŋu na mí o la, ekema míayi o. Elabena ŋutsu la gblɔ na mí bena: ne miekplɔ mia nɔvi ɖe asi vɛ o la, ekema migava ye ŋku me o.


Esi wole gbɔgblɔm be, yewota Yehowa ƒe agbe hã la, alakpa dzie wole nu tam ɖo.


Aleke màtsɔe ake wò? Viwòwo gblẽm ɖi, woɖakpe ta ɖe gboloxɔ me.


Vɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nasubɔe, eye natsɔ eƒe ŋkɔ aka atame.


Ke wu wo katã la, nɔvinyewo, migatà nu o, eɖanye dziƒo alo anyigba alo nutàta bubua ɖeke o; ke miaƒe ẽ nanye ẽ, eye miaƒe o nanye o, ne miagadze ʋɔnudɔdrɔ̃ me o.


Eye wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, taflatse! Nye aƒetɔ, meta wò siaa! Nyee nye nyɔnu, si tsi tre ɖe gbɔwò le teƒe sia ɖo gbe ɖa na Yehowa.


Esi Saul kpɔ Dawid wòyina Filistitɔa kpe ge la, ebia aʋafia Abner bena: Abner, ameka vi enye sia? Abner ɖo ŋu bena: Fiã, mefa wò siaa, nyemenyae o!


Ke Dawid gaka atam gblɔ bena: Fofowò nyae be, mèlɔ̃a nu le gbɔnye o, eyata wobu be, Yonatan meganyae, ne wòavee o! Ke meta Yehowa ƒe agbe kple wò siaa: Ne afɔɖeɖe ɖeka le mía kple ku dome fi!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa