10 Woɖo ŋu ne bena: Gbeɖe, amegã, wò dɔlawo va nuɖuɖu ƒle ge boŋ.
10 Wogblɔ be, “Kpao! Amegã, nuɖuɖu ƒle ge ko míeva;
Dukɔwo asubɔ wò, eye ƒomewo anɔ wò ŋusẽ te. Aɖu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo nu, eye dawòviwo adze klo na wò. Amesi ke aƒo fi ade wò la, woaƒo fi adee, eye amesi ke ayra wò la, wõayrae!
Tete Isak gblɔ na Esau bena: Kpɔ ɖa, meɖoe aƒetɔ ɖe dziwò, metsɔ nɔviawo katã wɔ eƒe dɔlawoe, eye metsɔ bli kple wein hã nɛ: azɔ nuka gɔ̃e gali mawɔ na wò, vinye?
Tete nɔviawo gblɔ nɛ bena: Ɖe nèle didim be, naɖu fia ɖe mía nu, eye naɖu mía dzia? Tso ekema dzi wogalé fui ɖe dzi wu le eƒe drɔ̃ekuku kple eƒe nyawo ta.
Mí katã ŋutsu ɖeka viwo míenye, eye nyateƒetɔwo míenye: wò dɔlawo menye ŋkutsalawo o.
Wo dɔla, si gbɔ nakpɔe le la, naku; ke mí ame mamleawo miazu mia aƒetɔ ƒe kluviwo.
Esi Obadya le mɔ dzi la, kpɔ ɖa, Eliya va do goe, eye esi wòdze sii la, etsyɔ mo anyi gblɔ bena: Wòea, nye aƒetɔ Eliya?
Saul dze si Dawid ƒe gbe, eye wògblɔ bena: Wò gbeea, vinye Dawid? Dawid ɖo ŋu bena: Nye gbee, nye aƒetɔ fia!